Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Askalon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe; dzidzi aƒo Gaza akpe ɖe Ekron ŋu, elabena eƒe sitsoƒe azu ŋukpe. Fia atsrɔ̃ ɖa le Gaza, eye Askalon azu aƒeɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Askelon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe. Gaza aŋe kple vevesese. Nenema kee nye Ekron hã, elabena eƒe mɔkpɔkpɔ abu ɖee. Woawu Gaza fia, eye Askelon azu aƒedo.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 9:5
18 Mawu Ofanana  

Gbe, siwo va le ƒe, si me fia Axaz ku la, wonye esi:


Yehowa ƒe gbe, si va na nyagblɔɖila Yeremya ɖe Filistitɔwo ŋu, hafi Farao nava si Gaza, enye si;


Ye ado viviti, eye ɣleti azu ʋu, hafi. Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Gaza ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena woɖe amewo keŋkeŋ, be woakplɔ wo ayi aɖade asi na Edom.


Eye matsrɔ̃ Asdodtɔwo kple amesi lé fiatikplɔ ɖe asi le Askalon, matrɔ nye asi ɖe Ekron ŋu, eye Filistitɔwo ƒe susɔea nu ayi; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ana woaxɔe, eye atsiaƒu agble eƒe ŋusẽ dome, ke dzo afiã eya ŋutɔ.


Ame tsakatsakawo anɔ Asdod, eye matsi Filistitɔwo ƒe ɖaɖa nu.


Ke Aƒetɔ ƒe dɔlaa ɖe ƒo nu na Filipo gblɔ bena: Tsi tre, eye nayi dziehe gome, ɖe mo, si tso Yerusalem yina Gaza, si nye gbedzimɔ la dzi.


ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si wona mí la dzi.


le nye lala vevie kple mɔkpɔkpɔ la nu be, ŋu nagakpem le naneke me o, hafi boŋ metsɔa dzideƒo blibo la katã bena, alesi wònɔna ɖaa la, nenema ke wòano fifia hã, be woawɔ Kristo gã ɖe nye ŋutilã ŋuti, eɖanye agbe me alo ku me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa