Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 9:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Yehowa, woƒe Mawu, axɔ na eƒe dukɔ ɣemaɣi abe lãha ene; elabena woanɔ dzo sim le eƒe anyigba dzi abe kpe xɔasi le fiakuku ŋu ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Yehowa, woƒe Mawu la aɖe wo gbe ma gbe abe ame siwo nye eƒe alẽhawo ene. Woaklẽ le eƒe anyigba la dzi abe adzagba le fiakuku ŋu ene.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 9:16
25 Mawu Ofanana  

Midze sii be, Yehowa ye nye Mawu! Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye, eƒe dukɔ kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye.


Kpeawo nanɔ wuieve ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo nu, eye ŋkɔɖelawo nata to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.


Emegbe natsɔ soham-kpe eve aɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi;


Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa gbɔna kple ŋusẽ, eye eƒe alo aɖu fia ɖe enu. Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋu, eye eƒe teƒeɖoɖo le eŋgɔ.


Mana wò xɔta tsutsuẽwo nanye gbloti, wò agbowo nanye soe, eye wò kpɔtɔtɔ blibo la nanye kpe xɔasiwo.


Eye amesiwo se ŋuta le ŋuwò la ƒe viwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò, amesiwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu ahayɔ wò be: „Yehowa ƒe ɖu.“ „Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion“.


Anyigba dzi dukɔwo azɔ le wò kekeli nu kple fiawo le wò keklẽ ƒe dzedze nu.


Anye atsyɔ̃ fiakuku le Yehowa si me kple fiaƒe tablanu le wò Mawu si me.


Maƒo nye alẽ mamleawo nu ƒu atso anyigba, siwo katã dzi menya wo ɖo ɖa la dzi, eye magakplɔ wo ava woƒe gbeɖuƒe, eye wòadzi akeke ta.


Mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya, mitoe le ƒukpowo dzi le didiƒe gblɔ bena: Eya, amesi kaka Israel hlẽ la, agaƒo enu ƒu, eye wòanyii, abe alesi lãkplɔvi nyia lãhae ene.


Elabena Yehowa xa Yakob ƒle, eye wòɖee tso ŋusẽtɔ si me.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meli maɖi nye alẽwo, eye malé ŋku ɖe wo ŋu.


Alesi lãkplɔvi ɖea ŋku ɖe eƒe lãhawo le gbesigbe wòle eƒe alé, siwo ka hlẽ dome la, nenema maɖe ŋku ɖe nye alẽwo, eye maɖi wo aƒo ƒu tso teƒe, siwo katã woka hlẽ ɖo le blukɔ kple tsizidogbe la.


Ke miawoe nye nye alẽwo, mi amegbetɔwoe nye nye lãnyiƒe ƒe alẽwo la, eye nyee nye mia Mawu; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Eyama anye gŋutifafa. Eye ne Asur va míaƒe anyigba ɖzi, eye wòbe, yeaɖo afɔ mlaƒe fiasãwo me la, míadɔ lã-kplɔvi adre kple amegã enyi ɖe eŋu.


Tsɔ wò atikplɔ kplɔ wò dukɔ, wò ŋutɔ wò lãha, siwo ɖe ɖe aga le ave me le Karmel dzi; woaɖu gbe le Basan kple Gilead abe blema ene.


Ma-kplɔ mi agbɔe ɣemaɣi, eye maƒo mia nu ƒu ɣemaɣi; elabena ne meɖo mi te miekpɔ kple ŋku la, matso mi awɔ bubu kple kafukafu le anyigba dzi ɖukɔwo katã ɖome; Yehowa ye gblɔe!


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la matsɔ wò, nye ɖɔla Zerubabel, Sealtiel vi, awɔ ŋkɔsigee; elabena wòe metia, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Made agbe Yuda ƒe ale la ŋu, made Yosef ƒe aƒe, eye mana woatrɔ agbɔ; elabena mave wo nu, eye woanɔ abe ɖe nyemenyã wo de gbe o ene; elabena nye Yehowa enye woƒe Mawu, eye mase woƒe gbe.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la ŋutsu awu atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo kalã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Miayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.


Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa