Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 9:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Mi gatɔ siwo le mɔ kpɔm, mitrɔ gbɔ va mɔ̃ sesẽ la me! Mele gbe ƒã ɖem egbea be: Maɖo eteƒe na wò zi gbɔ zi eve.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Mitrɔ yi ɖe miaƒe mɔ sesẽwo me, O, mi gamenɔla siwo si mɔkpɔkpɔ le. Ke azɔ la, mele gbeƒã ɖem na mi be magbugbɔ aɖo nu siwo miebu la teƒe na mi zi eve.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 9:12
23 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa gaɖo Hiob tè, le esi wòde kuku ɖe xɔlɔ̃awo ta la ŋuti; eye Yehowa dzi nusiwo katã nɔ Hiob si tsã la, ɖe dzi zi gbɔ zi eve.


Woaƒo wo nu ƒu abe gatɔwo ene ɖe do me, eye woatu gaxɔ ɖe wo nu, eye le ɣeyiɣi geɖe megbe hafi woaɖo ŋku wo dzi.


Elabena tsieƒe mada akpe na wò o, ku saɖagatsi makafu wò o, eye amesiwo yi aʋli me la, makpɔ mɔ na wò nyateƒe o.


Mide dzi ƒo na Yerusalem be, eƒe aʋawɔdɔ la wu enu, eye woxe eƒe vodada ŋu fe, elabena exɔ teƒeɖoɖo eve nu tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nuvɔ̃wo katã ta.


ne nagblɔ na gatɔwo be: Mido! eye na amesiwo le viviti me la be: Miva kekeli nu! Woaɖu gbe le mɔ to, eye woƒe gbeɖuƒe anɔ togbɛ ƒeƒlewo katã ta me.


Ʋuʋu ke le ŋuwò, Yerusalem, tso nabɔbɔ nɔ anyi! Zion-nyɔnuvi, si woɖe aboyoe, ɖe ga le wò kɔ!


Le woƒe ŋukpe eve ƒokpli kple woƒe vlododo, si nye woƒe gome ta la woaxɔ teƒeɖoɖo eve nu le woƒe anyigba dzi, eye woakpɔ dzidzɔ tegbee.


Wò Israel ƒe mɔkpɔkpɔ, wò eƒe xɔnametɔ le hiãɣi, nukaŋuti nèbe, yeanɔ anyigba la dzi abe amedzro ene, eye abe mɔzɔla, si tu eƒe agbadɔ, be woatsi adɔ la ene?


Yehowa, wòe nye míaƒe ŋusẽ, míaƒe mɔ̃ sesẽ kple míaƒe sitsoƒe le hiãɣi! Dukɔwo atso anyigba ƒe mlɔeanuwo ava gbɔwò agble bena: Alakpa ɖeɖe sɔŋ mía fofowo tso nyi domee, toflokowo wonye, eye womele ɖeke me o.


Wò Yehowa, Israel ƒe nukpɔkpɔ, amesiwo katã gblẽ wò ɖi la ŋu akpe wo! Woaŋlɔ amesiwo ɖe megbe le ŋuwò la ƒe ŋkɔ ɖe kewɔ me; elabena wogblẽ Yehowa, tsi gbagbe vudo la ɖi!


Yehowa be: Mɔkpɔkpɔ le wò ŋkeke, siwo gbɔna la ŋu, eye ɖeviawo agatrɔ va woƒe anyigba dzi,


Elabena ŋkeke li gbɔna, eye dzɔlawo ado ɣli le Efrayim-towo dzi bena: Mitso, ne míayi Yehowa, mía Mawu la gbɔ le Zion.


Miƒu to anyi! Sisilawo kple amesiwo kpɔtɔ tso Babel-nyigba dzi va, be woaɖe gbe ƒã Yehowa, mía Mawu ƒe hlɔ̃biabia, eƒe hlɔ̃biabia ɖe eƒe gbedoxɔ nu le Zion!


Yehowa he míaƒe nya dzɔdzɔe ɖe go, miva, ne míaɖaxlẽ nusi Yehowa, mia Mawu, wo la afia le Zion.


Eye wògblɔ nam bena: Ƒu siawo nye Israel ƒe aƒe blibo la! Kpɔ ɖa, wole gbɔgblɔm be: „Tsi no le míaƒe ƒuwo me, miaƒe mɔkpɔkpɔ nu yi, eye miebu!“


Yehowa be: Mahe to nɛ ɖe ŋkeke, siwo wòɖo dzudzɔ na Baalwo, wòɖe woƒe ga ŋɔti kple woƒe kɔsɔkɔsɔ kɔ, eye wodze eƒe ahiãviwo yome heŋlɔ nyea be la ta.


Ke wò lãhawo ƒe xɔ tsrala, wò Zion-nyɔnuvi ƒe toghɛ, dziɖuɖu tsãtɔ asu asiwò, Yerusalem-nyɔnuvl ƒe fiaɖuƒe asu asiwò.


Yehowa ƒe dɔme nyo, enye sitsoƒe le xaxagbe, eye wònya amesiwo ɖoa dzi ɖe eŋu.


bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, mí amesiwo sii tso, bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe;


eye mɔkpɔkpɔ ma le mía si abe luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ, eye wòyina ɖe xɔmetsovɔ ƒe emelɔƒo la ene,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa