Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 9:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Maɖe esi le wo gatɔwo bã ŋu tso ɖo ƒuƒiu la me, le nu, si metsɔ bla nu kpli wo la ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ɖe nu si mebla kpli wò, tre enu kple ʋu ta la, maɖe wò tso ku me, be màgaku ɖe do globo ƒuƒui la me o.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 9:11
32 Mawu Ofanana  

Ke nye ɖe, afika mayi kple nye ŋukpe la? Eye wòabu wò ɖe ŋukpenanuwɔlawo dome le Israel. Ƒo nu kple fia la, elabena matem wò o!


Ne èzɔ le ŋkunye me, abe alesi fofowò Dawid zɔ ene, eye nèwɔ nusiwo katã ŋuti mede se na wò le la dzi, eye nèlé nye ɖoɖowo kple nye kɔnuwo me ɖe asi la,


ne yeaxɔ eƒe luʋɔ tso yɔdo si, eye agbe ƒe kekeli naklẽ nɛ.


Yehowa, nye Mawu, wòe medo ɣli na, eye neda gbe le ŋu nye.


Mele mɔ kpɔm na Yehowa kakaka, eziɔ to ɖe ŋunye, eye wòsa nye ɣlidodo.


Hiãtɔwo akpɔe, eye woɔkpɔ dzidzɔ. Mi amesiwo le Mawu dim la, miaƒe dzi negbɔ agbe!


Eyome Mose, tsɔ du la wu ɖe dukɔ la dome gblɔ bena: Esia enye nusi Yehowa bia kpli mi, ɖe nya siawo katã dzi la, ƒe ʋu.


Woaƒo wo nu ƒu abe gatɔwo ene ɖe do me, eye woatu gaxɔ ɖe wo nu, eye le ɣeyiɣi geɖe megbe hafi woaɖo ŋku wo dzi.


ke dukɔ, si woha, eye woda adzoe la wonye, mɔ̃ ɖe wo katã le do me, eye woɣla ɖe gaxɔ me; woɖe aboyo wo, ke amea ɖeke mexɔ wo o, woha wo, ke amea ɖeke megblɔ be: Migbugbɔ wo vɛ o.


ne naʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo, eye naɖe amesiwo wode gae la, tso ga me, kple amesiwo bɔbɔ no viviti me la, tso gaxɔ me.


ne nagblɔ na gatɔwo be: Mido! eye na amesiwo le viviti me la be: Miva kekeli nu! Woaɖu gbe le mɔ to, eye woƒe gbeɖuƒe anɔ togbɛ ƒeƒlewo katã ta me.


Woaɖe ga amesi do dɔgɔ̃e ɖi la kaba, maku ɖe gaxɔ me o, eye abolokoe mawɔe o.


Viwòwo atso blemaƒedowo, eye afɔ gbaɖegbetɔwo ƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye woayɔ wò be „gli gbagbãwo ɖɔɖola, mɔwo dzradola, ne woatso aƒe ɖi.“


Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;


Tete wotsɔ Yeremya ɖe fiavi Malxiya ƒe vudo, si le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me, eye wotsɔ atagbi ɖiɖi Yeremya ɖe eme; ke tsi mele vudoa me o, negbe ba ko, eye Yeremya ɖo to ɖe ba la me.


Wò fia, èle tame bum le nusi gbɔna dzɔdzɔ ge le ɣeyiɣi siawo megbe la ŋu le wò aba dzi, eye amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go la, ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia wò.


elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la ta, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.


Eye wògblɔ na wo bena; Esia nye nye nubabla yeye ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta.


Eye wòdo ɣli gblɔ bena: Fofo Abraham, ve nunye, eye nadɔ Lazaro ɖa bena woatsɔ eƒe asibidenu ata tsi me, eye wòafa aɖe nam, elabena mele fu kpem le dzo ƒe aɖe sia me.


Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si woka ɖe anyi le mia ta.


Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã,


Nenema ke wòtsɔ kplu le nuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: „Esiae nye nubabla yeye ƒe kplu le nye ʋu me; miwo esia, zi alesi mianoe la, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.“


ɖe mele nenema o la, ne womadzudzɔ vɔsasa, le esi wokɔ amesiwo nɔa Mawu subɔm la ŋuti zi ɖeka, ale bena nuvɔ̃wo nyanyaa ɖeke maganɔ wo ŋu o la ta o mahã?


fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã?


Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,


Eye wotsɔe ƒu gbe ɖe aʋli me, eye wotu nu ɖe enu, eye wotre enu, bena ne wòagable dukɔwo o, halase esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi; esia megbe la ele be, woagatui ɣeyiɣi via ɖe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa