Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 8:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖe nye dukɔ tso ɣedzeƒe-nyigba kple ɣeloɖoƒe-nyigba dzi,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Maɖe nye amewo tso dukɔ siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe la ƒe asi me.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 8:7
21 Mawu Ofanana  

ke ne mietrɔ de ŋunye, eye mielé nye sewo me ɖe esi hewɔ wo dzi la, nenyo be, miaƒe amesiwo woɖe aboyoe la, de wòle keke dziƒo ƒe mlɔenu ke hã la, maƒo mia nu ƒu tso afima akplɔ ava teƒe, si metia be, nye ŋkɔ nana afima.


Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣedzeƒe vaseɖe eƒe toɖoƒe!


Yehowa tsoa Yerusalem, eƒoa Israel ƒe amesiwo woka hlẽ la, nu ƒu;


Asaf ƒe ha. Mawu, Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la le nu ƒom, eye wòle xexeame yɔm tso ɣe ƒe dzedze me vaseɖe eƒe loɖoɖo me.


Kpɔ ɖa, amesiwo atso adzɔge ava, ame kemewo atso anyiehe kple ɣetoɖoƒe, eye ame bubuwo atso Sinitɔwo ƒe anyigba dzi.


Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo avɔ̃ eƒe ŋutikɔkɔe, elabena ele vava ge abe tɔsisi, si xaxa, eye Yehowa ƒe ahom lɔ ɖe nu la ene.


Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehe-nyigba dzi, eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe dzogoewo dzi, ŋkunɔwo, xɔdrɔ̃wo, funɔwo kple vinɔwo siaa anɔ wo dome, woanɔ ha gãwo me agbɔ va afisia.


Eyata gblɔ be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi ahatsɔ Israel-nyigba na mi.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe makɔ mia ŋu tso miaƒe vodadawo katã me la, mana ame nanɔ duawo me, eye woagaɖo gli gbagbãwo.


Made agbe Yuda ƒe ale la ŋu, made Yosef ƒe aƒe, eye mana woatrɔ agbɔ; elabena mave wo nu, eye woanɔ abe ɖe nyemenyã wo de gbe o ene; elabena nye Yehowa enye woƒe Mawu, eye mase woƒe gbe.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


ekema Yehowa, wò Mawu, aɖe dzɔgbevɔ̃e ɖa le dziwò, eye wòave nuwo, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ, siwo katã dome Yehowa, wò Mawu, kaka mi ɖo la gbã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa