Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 7:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye ne mieɖu nu no nu la, ɖe menye mia ŋutɔwoe nye nuaɖulawo kple nuanolawo oa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Esi mienɔ nu ɖum, nɔ nu nom la, ɖe menye na miawo ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ koe oa?

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 7:6
15 Mawu Ofanana  

Woɖu nu no nu le Yehowa ŋku me gbemagbe kple dzidzɔ geɖe, eye woɖo fia Salomo, Dawid vi, zi evelia, wosi ami nɛ heɖo amegãe na Yehowa, eye wòsi ami na Zadok heɖo nunɔlae.


Mètsɔ wò alẽviwo sa numevɔ nam o, eye mètsɔ wò akpedavɔsawo de bubu ŋunye o. Nyemetsɔ wò nuɖuvɔsawo do agba na wò o, alo tsa dzudzɔ ʋeʋẽe dodo ɖe fu na wò o.


„Nukaŋuti míetsi nu dɔ, eye mèlé ŋku ɖe eŋu o, míeka hiã mía ɖokui, eye mèdze sii o?“ Kpɔ ɖa, miewɔ ɖɔ le miaƒe nutsidɔgbe, eye mieƒo du ɖe miaƒe dɔwɔlawo nu.


Wowu nye vɔsalãwo, ne woaɖu lã; woƒe nu medze Yehowa ŋu o Azɔ aɖo ŋu woƒe voɖaɖawo, ahe to na wo le woƒe nuvɔ̃wo ta, eye woagagbugbɔ ayi Egipte.


Womaƒo wein ɖe anyi na Yehowa o, eye woƒe akpedavɔsawo maɖo dzidzɔ nɛ o; kuteƒenuɖuɖu wònye na wo; amesiwo katã ɖui la, agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui; elabena woƒe nuɖuɖu la, woƒe ɖɔ nu koe wòle ɖo, wometsɔe va Yehowa ƒe mee o.


Gblɔ na dukɔ hahoo la katã kple nunɔlawo bena: Esi mietsi nu ɖɔ, eye miexa nu le dzinu atɔ̃lia kple adrelia me ƒe blaadre sɔŋ nye esi la, nyee mietsi nu dɔ na loo?


Ɖe menye esia nye nya, si Yehowa tsɔ ɖe gbe ƒãe to nyagblɔɖila tsãtɔwo dzi, esime Yerusalem kple eƒe ɖu, siwo ƒo xlãe goɖoo la, li bɔkɔɔ, eye ame le wo me, eye ame le dziehe kple gbadzaƒe la oa?


Azɔ la ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔa ɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu,


Eye mia kple miaƒe aƒemetɔwo miaɖu nu akpɔ dzidzɔ le afima le Yehowa ŋku me, le nusiwo katã Yehowa, mia Mawu, yra mi mietsɔ miaƒe asiwò wɔ dɔ kpɔ la ŋuti.


Eye natsɔ ga la aƒle nusianu, si dze ŋuwò, eɖanye nyi alo alẽ, wein alo aha sesẽa de alo nusianu, si nèdi la o, eye mia kple aƒewò me tɔwo miaɖu nu akpɔ dzidzɔ le afima le Yehowa, wò Mawu, ƒe ŋku me.


Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.


Ke Yehowa gblɔ na Samuel bena: Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa