Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 6:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Tasiaɖam, siwo ŋu sɔ yibɔwo le la, ho ɖo ta anyiehe, eye ɣiawo kplɔ wo ɖo; ke ŋɔŋɔeawo ho ɖo ta dziehe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Tasiaɖam si ŋuti sɔ yibɔwo le la aɖo ta dukɔ si le anyiehe, esi ŋuti sɔ ɣiwo le la ayi ɣetoɖoƒe, eye esi ŋuti wotsi sɔ ŋɔŋɔewo ɖo la ayi dziehe.”

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 6:6
14 Mawu Ofanana  

Nya ɖe dziehe-nyigba ƒe lãwo ŋu. Le hiã kple xaxa ƒe anyigba dzi, afisi dzatanɔ kple dzatatsu dona tsona, afisi ƒli kple da toaʋala le la, afima wotsɔa woƒe nuwo ɖoa tedziwo ƒe mẽdome kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo ƒe kpo dzi tsonɛ yia dukɔ, si mele viɖea ɖeke me o la gbɔ.


Magblɔ na anyiehe be; Tsɔe ve! eye na dziehe be: Megasika ame di o! Kplɔ vinyeŋutsuwo tso didiƒe vɛ kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenu,


eyata, kpɔ ɖa, makplɔ anyiehe ƒomeawo katã kple nye dɔla Babel-fia Nebukaɖnezar vɛ, eye mana woava ƒo ɖe anyigba sia kple edzinɔlawo kple dukɔ sia katã dzi godoo, matsrɔ̃ wo gbidigbidi, eye matsɔ wo awɔ bibi, alɔmeɖenu kple aƒedoe tegbee; Yehowa ye gblɔe!


Mikɔ aflaga dzi do ɖe Zion! Misi, migatɔ o! Elabena mahe dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ gã tso anyiehe vɛ.


Gbemagbe enye hlɔ̃biagbe na Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo. Yi aɖu nu aɖi ƒo, eye wòamu woƒe ʋu; elabena Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, le vɔsaŋkekenyuie ɖum le anyiehe-nyigba dzi, le Frat-tɔsisi la nu.


Dziƒo kple anyigba kple edzi nuwo katã atso aseye ɖe Babel ŋu; elabena nugblẽla atso anyiehe ava ƒo ɖe edzi, Yehowa ye gblɔe.


Mi Benyamin-viwo, misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa, eye mitu aflaga ɖo Bet-Hakerem; elabena dzɔgbevɔ̃e kple gbegblẽ gã tso anyiehe gbɔna.


Meɖo ŋku anyi, eye kpɔ ɖa, ahom tu tso anyiehe, alilikpo gãa ɖe bia kɔtɔɔ, keklẽ ƒo xlã alilikpo gãa ɖe, eye dzobabla kɔtɔɔ le eme; nane le dzedzem le dzo la titina abe sika, si me kɔ keŋkeŋ ene;


Le nuwuɣi la dziehefia akpe kplii; anyiehefia atsɔ tasiaɖamwo sɔɖolawo kple ʋu geɖewo aho ɖe eŋu, eye woava aƒo ɖe anyigbawo dzi bibibi.


Aƒo ɖe dziehefia ƒe fiaɖuƒe dzi, ke agagbugbɔ ayi eƒe anyigba dzi.


Eye esime wòɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia le gbɔgblɔm bena: Va! Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ yibɔa ɖe, eye amesi ɖoe la, lé nudanu ɖe asi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa