Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Nyee ɖoe ɖa, be wòayi fiafitɔ kple atam dzodzro kala ƒe me le nye ŋkɔ me, eye wòatsi eƒe xɔ me afiã eƒe xɔtlwo kple kpewo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, ‘Madɔ fiƒode sia ɖa, eye age ɖe fiafitɔ la ƒe aƒe me kple ame si yɔa nye ŋkɔ tsɔ kaa atam dzodzro la ƒe aƒe me. Anɔ eƒe aƒe me, agbã aƒe nɛ, eye wòakaka atiawo kple kpeawo siaa.’ ”

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 5:4
19 Mawu Ofanana  

Nusi menye etɔ o la, nɔa eƒe agbadɔ me, eye wokɔa aŋɔ ɖe enɔƒe.


Wodzra vivitiwo katã ɖo ɖi ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu; dzo, si womeƒlɔ ɖo o la, fiãe, eye wòɖuɖɔ nusi kpɔtɔ ɖe eƒe agbaɖɔ me la ƒiaƒiaƒia!


Eziɔna ɖe eƒe xɔ ŋu, ke menɔa tsitrenu o, ekuna ɖe eŋu, ke melina ɖe te o.


Ŋukpe ale wò ketɔwo, eye nu tovo wɔlawo ƒe agbadɔ maganɔ anyi o.


Yehowa ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖi la ƒe me, ke eyraa ame dzɔdzɔe la nɔƒe.


Eyata fiƒode le anyigba ɖum, eye edzi nɔlawo akpɔe ɖe enu. Eyata anyigbadzitɔwo afia kolikoli, eye amegbetɔ ʋeea ɖewo kɔe asusɔ.


Alesi ne asi lu fiafi ŋu kpenɛ la, nenema ŋu akpe Israel ƒe aƒe la hekpe ɖe woƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ŋu,


Wole atam dzodzro kam, eye wole alakpa dam, wole ame wum, wole fi fim, eye wole ahasi wɔm, wole kpɔ dzem, eye hlɔ̃dodo tsiã ɖe wo nɔewo nu.


Eyata anyigba axa nu, eye nu ati kɔ na edzinɔlawo katã, eye woatsrɔ̃ gbemelãwo, dziƒoxewo kple keke atsiaƒumelãwo ke hã.


Yehowa be: Womenya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o, eye woli kɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖe woƒe fiasãwo me gleglegle.


Eye wògblɔ nam hena: Esia nye fiƒode, si le anyigba blibo la dzi yim; elabena fiafitɔwo katã tsi tomahemahe, eye atam dzodzro kalawo katã tsi tomahemahe.


Migaɖo vɔ̃ ɖe dzi me ɖe mia nɔewo ŋu o, eye alakpatamkaka megavivi mia nu o, elabena melé fu nusiawo kafã, Yehowa ye gblɔe.


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Aɖi ŋuwò le du me, eye aɖi ŋuwò le agble me.


Megado ŋunyɔnua ɖeke va aƒewò me o, ne busu nava dziwò abe woawo ke ene o; ke boŋ woanyɔ ŋu na wò aganyɔ ŋu na wò ɖe dzi, elabena busunu wonye.


Ale miawo wo enye si: Mina woanɔ agbe, ne dziku magava mía dzi le atam, si míeka na wo la ta o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa