Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 4:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Zerubabel ƒe asie ɖo xɔ sia gɔme anyi, eye eƒe asi kee awu enu, ne nadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖom ɖe mia gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 “Zerubabel ƒe asie ɖo gbedoxɔ sia ƒe gɔmeɖokpe anyi, eya ta eƒe asie awu enu. Ekema mianya be Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 4:9
18 Mawu Ofanana  

Tete Sesbazar sia va ɖo mawuxɔ la ge me anyi le Yerusalem, eye wole etutu dzi tso ɣemaɣi vaseɖe fifi, womekpɔ wu enu o.


Mite ɖe ŋunye, ne miasee; tso gɔmedzedzea me ke nyemeƒo nu le adza me o; mele eteƒe tso gbaɖegbe ke, esime wòva me. Azɔ Aƒetɔ Yehowa kple eƒe gbogbo la ɖom ɖa.


Minyẽ kɔ kpɔ megbe tso egbe, dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi vaseɖe gbesigbe woɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ gɔme anyi la dzi; milé ŋku ɖe eŋu:


Eyata ale Yehowa gblɔ esi. Makpɔ nublanui na Yerusalem agatrɔ ɖe eŋu, woatu nye xɔ ɖe eme, eye woada dzidzeka ɖe Yerusalem ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Hee! Mi amesiwo le Babel-nyɔnuvi gbɔ, misi yi Zion!


Kpɔ ɖa, manyẽ nya asi ɖe wo ŋu, ne woazu aboyonu na woƒe kluviwo, eye miadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖɔm ɖa.


Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Amewo atso dldiƒe ava tu Yehowa ƒe gbedoxɔ, eye miadze sii be, Yehowa Zebaot ye dɔm ɖe mi. Esia ava me, nenye be, miese Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe.


Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.


bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò. Fofo, nèle menye, eye nye hã mete mewo ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa.


Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi.


eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa