Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete mefɔ kɔ dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ ŋutsua ɖe le dzidzeka ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Nye ŋutɔ manye dzo bibi ƒe gli aƒo xlã wo, eye manye eƒe ŋutikɔkɔe.” Yehowae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 2:5
28 Mawu Ofanana  

Towo ƒo xlã Yerusalem va kpe, eye Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ va kpe tso fifia ɖaseɖe mavɔ me.


Ame geɖewo le gbɔgblɔm le ŋunye be: Xɔnamea ɖeke mele Mawu gbɔ nɛ o! Sela.


Tɔsisi la ƒe alɔdzewo doa dzidzɔ na Mawu ƒe du, si nye dziƒoʋitɔ ƒe nɔƒe kɔkɔe la.


Zion-to nekpɔ dzidzɔ, eye Yuda-nyɔnuviwo netso aseye le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ta!


Zion-to, si nye fia gã la ƒe nu, kɔ eɖokui ɖe dzi nyuie le anyiehe kekeake, eye wònye dzidzɔdonu na anyigba blibo la.


Mase nusi gblɔ ge Mawu Yehowa ala; elabena agblɔŋutifafa na eƒe dukɔ kple eƒe mawumemewo, eye malɔ̃ be, woagatrɔ ɖe bometsitsi ŋu o.


Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.


eƒe agakpe ate ɖa le vɔvɔ̃ ta, eye aflaga ana dzidzi naƒo eƒe amegãwo; Yehowa, amesi ƒe dzo le Zion, eye eƒe mlekpui le Yerusalem lae gblɔe.


Eye nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.


Ke boŋ Yehowa enye ŋusẽ na mí le afima, abe tɔsisi gã keke le goawo kple eve me ene, esi dzi atablukulawo mato o, eye ʋu gãwo mazɔ o.


Eye Yehowa aɖo alilikpo kple dzudzɔ ɖe Zion-to ƒe nɔƒewo katã kple eƒe takpeƒewo le ŋkeke me kpakple dzo keklẽ le zã me; elabena wòa tsyɔ nu atsyɔɖoɖowo katã dzi,


Eye dzidzeka agato Gareb ƒe togbɛ dzi tẽ ahanyẽ kpo aɖo ta Goa.


Eyata amevi, gblɔ nya ɖi, eye nagblɔ na Gog bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne nye dukɔ Israel li heɖe dzi ɖi la, àho ɣemaɣi,


Edzidzee le go eneawo me, eye gli ƒo xlãe godoo va kpe didi abɔklugui alafa atɔ, eye wòkeke abɔklugui alafa atɔ, ne wòatso nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo dome.


Eye ŋutsu la do ɖo ta ɣedzeƒe gome helé dzidzeka ɖe asi; edzidze abɔklugui akpe ɖeka, eye wòkplɔm to tsi la me, tsi la va se afɔkɔe.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi. Makpɔ nublanui na Yerusalem agatrɔ ɖe eŋu, woatu nye xɔ ɖe eme, eye woada dzidzeka ɖe Yerusalem ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Hee! hee! Misi tso anyiehenyigba dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena mekaka mi hlẽ ɖe dziƒo ƒe ya eneawo dzi, Yehowa ye gblɔe!


Hee! Mi amesiwo le Babel-nyɔnuvi gbɔ, misi yi Zion!


Yehowa ado ɖe wo ta me, eye ele aŋutrɔ alũ ʋɔ abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ, eye wòanɔ dziehe ƒe ahom me ave yi.


Manye dzɔla aƒu asaɖa anyi ɖe nye aƒeŋu le amesiwo vana gadzonu la ta, eye ŋutasẽla magaƒo ɖe wo dzi azɔ o, elabena nye ŋutɔ mekpɔe kple nye ŋkuwo.


kekeli ƒe nyaɖeɖefia na trɔ̃subɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.


Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa