Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 2:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi. Bubu ta wòdɔm ɖe dukɔ; siwo ha mi la gbɔ ɖo; elabena amesi ka asi mia ŋu la, eka asi eƒe ŋkuvi ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Yuda azu Yehowa ƒe gome kple domenyinu le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 2:12
19 Mawu Ofanana  

ke metia Yerusalem, be nye ŋkɔ nanɔ afima, kple Dawid, be wòanɔ nye dukɔ Israel nu.


Eye Haman xlẽ nusiwo katã dzɔ ɖe edzi la, fia srɔ̃a Zeres kple exɔlɔ̃awo katã. Tete eƒe nunyalawo kple srɔ̃a Zeres wogblɔ nɛ bena. Nenye Yudatɔwo ƒe dzidzimeviwo dome Mardoxai, amesi ŋku me nede asi toyiyi me le tso la, ekema màte ŋu awɔ nanekee o, ke boŋ to kokoko nayi agayi le eŋku me!


Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ vɔ̃a ɖeke nye nyagblɔdilawo o!


Elabena Yehowa fia Zion, eye wòdi be, wòanye nɔƒe na ye.


Nye gbɔɖemeƒe enye esia tegbee, afii manɔ, elabena eye medi.


Elabena Yehowa tia Yakob na eɖokui, eye wòtsɔ Israel wɔ eɖokui tɔe.


Woɔyra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye; dukɔ, si wòtia wɔ domenyinu na eɖokui.


Mawu, tso, nadrɔ̃ ʋɔnu anyigba, elabena wòe nye dukɔwo katã ƒe domenyila!


Elabena Yehowa ave Yakob nu, eye wòagatia Israel ahakplɔ wo aɖo woƒe anyigba dzi, du bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋu, eye woaku ɖe Yakob ƒe aƒe la ŋu.


Ŋɔdzi li le fiẽnyi, eye hafi ŋu nava ke la, womegali o. Esia nye amesiwo da adzo mi la ƒe gome kple mia halawo ƒe dzidzenu.


wò, amesi melé tso anyigba ƒe mlɔenuwo, eye meyɔ wò tso eƒe dzogoewo dzi hegblɔ na wò be: Nye dɔla nènye, metia wò, eye nyemegbe wò o;


Ke Yakob ƒe gome mele abe woamawo ene o, elabena eya nye nuwo katã wɔla, eye Israel enye eya ŋutɔ ƒe ƒome; Yehowa Zebaot enye eƒe ŋkɔ.


Eyata woaɖu amesiwo katã ɖu wò, eye wò ketɔwo katã ayi aboyo me; woaha amesiwo ha wò, eye woada adzo amesiwo katã da adzo wò.


Ke Yakob ƒe gome mele abe woamawo ene o, elabena eyama nye nuwo katã wɔla, eye Israel enye eya ŋutɔ ƒe ƒome; Yehowa Zebaot enye eƒe ŋkɔ.


Gaɖe gbe ƒã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi; Nu nyui agagbagba ɖe nye ɖuwo me, Yehowa agave Zion nu, eye wòagatia Yerusalem.


Tete Yehowa gblɔ nu Satana bena: Yehowa blu ɖe tawò, Satana, Yehowa, amesi fia Yerusalem la, blu ɖe tawò! Ɖe menye eyae nye ati takpoe woɖe tso dzo me oa?


Ebe le gbedzi kple gbedadaƒo, afisi gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le. Ekpla asi kɔ nɛ, eye wòkpɔ edzi helé be nɛ abe eƒe ŋkuvi ene.


Elabena Yehowa tɔ enye eƒe dukɔ, eye Yakob enye domenyinu, si wòmã nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa