Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 14:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Yehowa aho awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe gbesigbe wòwɔ aʋa le aʋakpegbe ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ekema Yehowa ado, awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe ale si wòwɔa aʋae le aʋagbedzi ene.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 14:3
22 Mawu Ofanana  

eye wògblɔ bena: Miƒu to anyi, mi Yuda blibo la kple Yerusalem-nɔlawo kpakple wò fia Yosafat! Ale Yehowa le gbɔgblɔm na mi enye si: Migavɔ̃ o, eye ameha gã sia megadzi ŋɔ na mi o, elabena aʋa la menye miaƒe nya o, ke boŋ Mawu tɔe.


Teƒe, si miase kpẽ ƒe ɖiɖi le la, afima miakpe ta ɖe mía gbɔ ɖo; mía Mawu awɔ ana na mí!


Eye dukɔwo ƒe amehawo katã, siwo ho aʋa ɖe Ariel ŋu, kple amesiwo katã tso ɖe eya kple eƒe mɔ̃ sesẽ la ŋu, eye woxaxae ɖo la, anɔ abe drɔ̃ekuku kple zã me ŋutega ene.


Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe kluviwo kple kosiviwo hã dzi ɣemaɣi.


Kpɔ ɖa, mawɔ nu kple amesiwo katã te mi ɖe anyi la ɣemaɣi, makpe ɖe ata ŋeŋee tɔwo ŋu, maƒo: amesiwo kaka hlẽ la nu ƒu, eye matso wo awɔ kafukafu kple bubu le anyigba, siwo katã dzi wodo ŋukpe wo le la dzi.


Le ɣemaɣi la madi be, matsrɔ̃ dukɔ, siwo katã ho ɖe Yerusalem ŋu la.


Eye Yehowa na wolulu le Israel ŋku me, eye wòsi wo le Gibeon gbɔ tɔtɔtɔ, eye woli wo yome vaseɖe Bet-Xoron-mɔ dzi, eye wòsi wo vaseɖe Aseka kple Makeda ke.


Eye ŋkekea ɖeke meɖo ŋgɔ nɛ alo va le emegbe de esia nu, esi Yehowa ɖo to amegbetɔ ƒe gbe o; elabena Yehowa wɔ aʋa na Israel.


Eye Yosua ɖu fia siawo katã kple woƒe anyigbawo dzi zi ɖeka, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu lae wɔ aʋa na Israel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa