Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 13:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le ɣemaɣl la vuɖo aʋu na Dawid ƒe aƒe la kple Yerusalemtɔwo ɖe nuvɔ̃ kple makɔmakɔnyenye ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 “Gbe ma gbe la, vudo aʋu na David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo be woaklɔ wo ŋuti tso vɔ̃ kple ɖiƒoƒowo katã me.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 13:1
34 Mawu Ofanana  

esime wode Batseba gbɔ, eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ.


Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo!


Eye miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ


nenye be, Aƒetɔ la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ya kple dzo ƒe ya klɔ Zion-nyɔnuwo ƒe ɖiƒoƒo, eye wòkpala Yerusalem ƒe ʋu ɖa le wo dome.


Wò Yehowa, Israel ƒe nukpɔkpɔ, amesiwo katã gblẽ wò ɖi la ŋu akpe wo! Woaŋlɔ amesiwo ɖe megbe le ŋuwò la ƒe ŋkɔ ɖe kewɔ me; elabena wogblẽ Yehowa, tsi gbagbe vudo la ɖi!


Elabena nye dukɔ wɔ vɔ̃ ƒomevi eve: wogblẽ nye, amesi nye tsi gbagbe vudo la ɖi, be woaɖe tsido na woawo ŋutɔ ɖokui, tsido, siwo gɔme ŋɔ, tsi mate ŋu anɔ wo me o.


Yehowa tsɔ wò ɖo nunɔla ɖe nunɔla Yoyada teƒe, ne nanye dzikpɔla le Yehowa ƒe aƒe la me ɖe amesiame, si ƒe tagbɔ gblẽ, wòle nya gblɔm ɖi la nu, eye nadee kunyowu kple ga me.


eye maklɔ wo ŋu tso woƒe vodada, siwo katã wotsɔ wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye la me, eye matsɔ woƒe vodada, siwo katã wotsɔ wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye, eye wodze aglã ɖe ŋunye la, ake wo.


Amevi, esi Israel ƒe aƒe la nɔ woƒe anyigba dzi la, wotsɔ woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo do gui; woƒe zɔzɔ le ŋkunye me abe nyɔnu kpɔdzinu ƒe ʋu ene.


Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu.


Maɖe mi atso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me; mayɔ bli vɛ, mana wòasɔ gbɔ, eye nyemahe dɔwuame ava mia dzi o.


Eye wòkplɔm gbugbɔ yi xɔ la nu, eye kpɔ ɖa, tsi le dzidzim le xɔ la ƒe kpui te ɖo ta ɣedzeƒe gome; elabena xɔ la trɔ ŋgɔ dze ɣedzeƒe gome; eye tsi la si to xɔ la ƒe ɖusikpa dzi ɖo ta vɔsamlekpui la ƒe dzigbe gome.


Ke tsi dzidziwo, vudowo kple tawo ŋu kɔ, gake amesi ke de asi woƒe kukua ŋu la, eŋu mekɔ o.


Matsrɔ̃ wò aklama kpakpɛwo kple aƒeliwo ɖa le ɖo-wòme, eye magaɖe ta agu na wò aslnudɔwɔwɔwo azɔ o.


ƒome mamleawo katã wo tɔxɛ wo tɔxɛ le ƒomeawo nu, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ.


Ɣemaɣi la matsɔ Yerusalem awɔ kpegbae na dukɔwo katã; amesiwo katã be, yewoakɔe la, woade abi wo ɖokui ŋu, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo takpli de eŋu.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


Elabena ɣeaɖewoɣi la mawudɔla ɖe ɖina ɖe ta la me, eye wòblua tsi la: eye amesi tre tsi la me dzedze le eƒe bublu megbe la, ƒe lãme sẽna tso dɔ sia dɔ, si lém wòle la me. —


Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.


ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o la, ƒe ʋu ene,


ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Esiae nye amesi va le tsi kple ʋu me: Yesu Kristo, menye tsi ɖeɖe me koe wòva le o, ke boŋ tsi kple ʋu mee wòva le. Eye Gbɔgbɔ la enye amesi ɖia ɖase: elabena Gbɔgbɔ la enye nyateƒe la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa