Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 12:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Yuda-amegãwo agblɔ le woƒe dzi me bena: Yerusalem-tɔwo la, Yehowa Zebaot, woƒe Mawu la, enye ŋusẽ na wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ekema Yuda ƒe kplɔlawo agblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yerusalemtɔwo sesẽ, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae nye woƒe Mawu.’

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 12:5
28 Mawu Ofanana  

Dawid tɔ. Woakafu Yehowa, nye agakpe, amesi fia avuwɔwɔ nye asiwo kple aʋawɔwɔ nye asibidewo;


Elabena Mawu kae li kpe ɖe Yehowa ŋu, eye agakpe kae kpe ɖe mía Mawu la ŋu?


Megbã wo nyanyanya, womagate ŋu afɔ o, eye wodze anyi ɖe nye afɔ te.


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.


Mi Sodom-amegãwo, mise Yehowa ƒe nya, mi Gomora-dukɔ, miƒu to anyi ɖe mía Mawu ƒe nufiame ŋu!


Wò amegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃; wo dome amesiame lɔ̃a zãnunana, eye wotia fetu yome; womedrɔ̃a ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo o, eye ahosiwo ƒe nya medea wo gbe o.


Magaɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na wò abe tsã ene, kple adaŋudelawo na wò abe le gɔmedzedzea me ene. Esia megbe woayɔ wò be dzɔdzɔenyenye ƒe du, du wɔnuteƒe.


Le ɣemaɣi la Yehowa Zebaot anye atsyɔ̃kuku kple ŋgoblanu dzeani na eƒe dukɔ susɔea;


anye ʋɔnudɔdrɔ̃gbɔgbɔ na amesi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu kple ŋusẽ na amesiwo gbugbɔ aʋa ɖo ɖe agbo nu.


Elabena Yehowa trɔ alɔ̃dɔdɔ sesẽ ƒe gbɔgbɔ kɔ ɖe mia dzi, etre miaƒe ŋkuwò, siwo nye nyagblɔɖilawo, eye wotsyɔ nu miaƒe tawo, siwo nye nunɔlawo.


Kpɔ ɖa, fia aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amegãwo aɖu dzi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.


ahagblɔ bena: Míaƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le Yehowa gbɔ; amesiwo katã do dziku ɖe eŋu la, ava egbɔ, eye ŋu akpe wo.


Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, akɔbli ɖe ati teƒe, eye gayibɔ ɖe kpewo teƒe, matso ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.


Woƒe amegã ado tso wo dome, eye wo dziɖula ado tso wo titina; mana woate va agogom, elabena amekae ado dzi, be yeate ɖe ŋunye ma? Yehowa ye gblɔe.


anye ne magbe Yakob kple nye dɔla Dawid ƒe ƒome, ale be nyemaɖe dziɖula tso eƒe ƒome aɖo Abraham, Isak kple Yakob ƒe ƒome la nu o. Elabena megale wo ɖo ge te, eye makpɔ nublanui na wo.


Matsɔ Yehowa ade agbe wo ŋu, eye woazɔ le eƒe ŋkɔ me, Yehowa ye gblɔe.


Made agbe Yuda ƒe ale la ŋu, made Yosef ƒe aƒe, eye mana woatrɔ agbɔ; elabena mave wo nu, eye woanɔ abe ɖe nyemenyã wo de gbe o ene; elabena nye Yehowa enye woƒe Mawu, eye mase woƒe gbe.


Ate Yehowa gblɔ esi; Ɣemaɣi la mado vɔvɔ̃ na sɔwo katã eye sɔdolawo adze aɖaʋa; nye ŋku anɔ te de Yuda ƒe aƒe la ŋu, ke mana dukɔwo ƒe sɔwo katã ƒe ŋku nagbã.


Ɣemaɣi la matsɔ Yuda-amegãwo awɔ dzoɖesonu ɖe nake titina, woanɔ abe akakati bibi le gbe ƒuƒu me ene, eye woafiã dukɔwo katã godoo Ie ɖusl me kple mia me; ke Yerusalem aganɔ eteƒe.


Yuda hã awɔ aʋa kple Yerusalem, eye woaƒo dukɔwo katã godoo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu, sika kple klosalo kpakple avɔwo kpaŋkpaŋ.


Nye dzi enye Israel ƒe tatɔwo kple amesiwo lã faa le dukɔa dome la to. Mikafu Yehowa!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa