Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 12:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Anyigba la afa konyi, ƒome sia ƒome etɔxɛ; Dawid ƒe aƒe ƒe ƒome la afa konyi wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ; Natan ƒe aƒe ƒe ƒome la wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Anyigba la katã afa avi; to ɖe sia ɖe afa avi na eɖokui, eye wo srɔ̃wo anɔ wo gbɔ: to si tso David ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, to si tso Natan ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo,

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 12:12
17 Mawu Ofanana  

Tete Yehowa dɔ Natan ɖo ɖe Dawid, eye wòva egbɔ gblɔ nɛ bena: Ŋutsu eve wole du ɖeka me, ɖeka kpɔ ho, ke ɖeka ɖo ko.


Amesiwo wodzi nɛ le Yerusalem ƒe ŋkɔwo nye esi: Samua, Sabab, Natan kple Salomo,


Tete Farao kple eŋu mewo kpakple Egiptetɔwo katã fɔ le zã titina, eye avifafa de dzi le Egipte-nyigba dzi hoo, elabena aƒea ɖeke meli, si me ame meku le o.


Gblɔ na fia kple fia srɔ̃ bena: Mibɔbɔ nɔ anyi me, elabena miaƒe atsyɔ̃fiakuku ge le mia ta!


Wose ɣli le to ƒeƒle wo ta me, Israel-viwo ƒe avifafa kple kokoƒoƒo, elabena woto mɔ gɔglɔ̃ dzi, eye woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be.


Mese Efrayim le nu xam xoxo be: „Ehe to nam, eye mena nèhe to nam abe nyivi, si womemlã o la ene; gakplɔm gbɔe, ekema matrɔ la me; elabena wòe nye Yehowa, nye Mawu.


Eyata anyigba nefa konyi, eye dziƒo nenɔ ahovɔ me, elabena meƒo nu, eye mavem o, meɖo ta me, eye nyematrɔe o.


Miƒo dukɔ la nu ƒu, eye mikɔ ameha la ŋu, miyɔ amegã ɖeɖiwo vɛ, eye miƒo ɖeviwo kple vi nonowo nu ƒu; ŋugbetɔsrɔ̃ neɖo tso eƒe xɔ me, eye ŋugbetɔ nedo tso ŋugbetɔxɔ me.


Le ɣemaɣl la konyifafa leƒe makɔ le Yerusalem o, abe alesi wówɔ kuteƒe na Hadad-Rimon le Megiɖo-tagba ene.


Lewi ƒe aƒe ƒe ƒome la wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ; Simel ƒe ƒome la wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ;


eye woabia nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, siwo le Yehowa Zebaot ƒe me la, agblɔ bena: Ɖe mafa avi atsi nu aɖɔ le dzinu atɔ̃lia me, abe alesi mewɔ ƒe geɖe xoxo enea?


Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.


amesi nye Melea vi, amesi nye Mena vi, amesi nye Matata vi, amesi nye Natan vi, amesi nye Dawid vi,


Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.


Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa