Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 12:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 “Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 12:10
39 Mawu Ofanana  

Ke Yosef megate ŋu zi eɖokui dzi, abe alesi wòwɔ vaseɖe fifi, esime amewo le egbɔ la ene o; eye wògblɔ bena: Amesiame nado go le gbɔnye! Eye amea ɖeke menɔ Yosef gbɔ, hafi wòɖe eɖokui fia nɔviawo o.


Tete wògbã avi doo, ale bena Egiptetɔwo kple Farao-ƒemetɔwo hã see.


Mawu, wɔ dzi dzadzɛa ɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!


Mitrɔ kɔ ɖe nye mokaname ŋuti. Kpa ɖa, mana nye gbɔgbɔ nado bɔbɔbɔ, eye mana miadze si nye nyawo.


Elabena esi menye ɖevi na fofonye, vi fe kple tenuvi na danye la,


vaseɖe esime woatrɔ gbɔgbɔ akɔ ɖe mia dzi tso dzi me, eye gbegbe nazu atibɔ, eye wòabu atibɔwo ɖe avewo dome.


Mi anyigba ƒe mlɔenuwo katã, mitrɔ ɖe ŋunye, eye mina woaxɔ na mi; elabena nyee nye Mawu, ɖeke megali o.


Elabena esi metrɔ ta me la, evem, eye esi medze si nu la, meƒo aklito; ŋu kpem, eye nye mo tsi dã, elabena nye ɖevime ŋukpe le ŋunye.“


Woanɔ avi dzi ava, eye woanɔ koko ƒom makplɔ wo vɛ; makplɔ wo alo ma dzɔdzɔe, si dzi womakli nu le o la dzi ayi toʋuwo toe; elabena fofo menye na Israel, eye Efrayim la, vinye ŋgɔgbea ye.


Yehowa be: Le ŋkeke mawo me, le ɣemaɣi la Israel-viwo kple Yuda-viwo siaa atrɔ agbɔ, eye woano avi dzi ava ɖi Yehowa, woƒe Mawu la.


Nye dukɔ ƒe nyɔnuvi, ta akpanya, eye na ƒo togotogoe le dzowɔ me; xa nu le tenuvi la ŋu, eye nata konyi vevie; elabena nugblẽla le ƒoƒo ge ɖe mía dzi kpoyi.


Míado ŋu miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo katã, siwo mietsɔ gblẽ ko ɖo na mia ɖokui la, le afima, eye miava ŋu nyo ge na mia ɖokui le nu vɔ̃ɖi, siwo katã miewɔ la ta.


Made nye gbɔgbɔ mia me, ne miagbɔ agbe, eye makplɔ mi aɖo miaƒe anyigba dzi, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. Yehowa be: Nyee gblɔe, eye mawɔe hã.


Eye nyemagaɣla nye ŋku me ɖe wo azɔ o, le esi metrɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe Israel ƒe aƒe la dzi ta, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiewo woazu nuxaxa kple miaƒe hawokatã woazu konyifaha, made akpanya aliwo katã, eye tawo katã nazu ta kokoe, mana wòanɔ, abe alesi wofaa konyi na tenuvi ene, eye eƒe nuwuwu anɔ abe ŋkeke vɔ̃e ene.


Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


Eye Mose tsa akɔbli wɔ ɖaa ɖe heku ɖe ati ŋu, eye ne dawo ɖu amea ɖe wokpe akɔblida la ɖa ko la, etsia agbe.


Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.


Eye Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya, si wògblɔ nɛ la dzi bena: Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃. Eye wòdo go, eye wòfa avi vevie.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


Eye kuvia ɖo xɔsetɔ, siwo tso aʋatsotso la me, ame geɖe alesi nu va kple Petro, bena wotsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana; kɔ ɖe trɔ̃subɔlawo hã dzi.


Eye esi mede asi nuƒoƒo me la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la dze wo dzi, abe alesi wòdze miawo hã dzi le gɔmedzedzea me ene.


„Eye ava me le ŋkeke mlɔeawo me, Mawue gblɔe, bena matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilã katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo, eye miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo.


Azɔ la esi wodoe ɖe dzi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wòxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo hã tso Fofoa gbɔ la, etrɔ nusi kpɔm miele kple nusi Sem miele la kɔ ɖe anyi.


Ke esi wose esia la, etɔ woƒe dzi me, eye wogblɔ na Petro kple apostolo mamleawo bena: Ŋutsuwo kple nɔviwo! Nuka wɔ ge míala?


Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo!


Ke nenema ke Gbɔgbɔ la hã dea míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi; elabena alesi ke míado gbe ɖa wòadze la, mienyae o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ tsɔa ŋeŋe, siwo manya gblɔ o la, xɔa mía nya ɖe akɔ.


Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta


eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.


Ke, mi hiãtɔwo la, mitu mia ɖokui ɖe miaƒe xɔse kɔkɔe, si ƒo wo katã ta la dzi, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me,


Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.


Tso gbesigbe aɖaka la va Kiryat-Yearim la, ŋkeke-ŋkekewo le yiyim anɔ ƒe blave sɔŋ. Eye Israel ƒe aƒe blibo la trɔ ɖe Yehowa ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa