Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 11:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Elabena kpɔ ɖa, maɖo lãkplɔvla ɖe anyigba la dzi, mabia esiwo bu la ta se o, eye madi esiwo ka hlẽ la o, mada gbe le esiwo xɔ abi la ŋu o, eye malé fɔ ɖe sesẽawo ŋu o, ke aɖu ɖamiawo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 elabena mele alẽkplɔla aɖe ɖo ge ɖe anyigba la nu si makpɔ alẽ bubuwo ta alo adi alẽviwo alo abla abi na esiwo xɔ abi alo adi nuɖuɖu na esiwo le sesĩe la o, ke boŋ aɖu alẽ nyuitɔwo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 11:16
16 Mawu Ofanana  

Ƒe blave enye si menɔ gbɔwò, fu mege le wò alẽnɔ kple wò gbɔ̃nɔa ɖeke ŋu kpo o, eye nyemele agboa ɖeke tso wò alẽha la me ɖu kpo o.


Eɖo ŋu ne bena: Nye aƒetɔ, wò ŋutɔ ènyae bena, ɖevi dzawo kple alẽ kple nyi vinɔwo le ŋunye ne woaƒo du ɖe wo nu ŋkeke ɖeka ko la, ekema lãha blibo la atsrɔ̃.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Eyata ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe lãkplɔvi, siwo le nye dukɔa kplɔm la ŋu enye si: Miekaka nye alẽwo, mienyã wo ɖe gbe, eye miedi wo yome mɔ o, eyata mahe to na mi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta; Yehowa ye gblɔe!


Ɖe wònye ɖe wònɔ nye adaŋu me la, anye ne woɖe gbe ƒã nye nyawo na nye dukɔ, eye wòtrɔ wo tso woƒe mɔ vɔwo dzi kple woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo me.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe lãkplɔviawo dzi, eye mabia nye alẽwo tso wo si me, mana be, womagakpɔ nye alẽwo dzi azɔ o, eye lãkplɔviawo maganyi woawo ŋutɔ ɖokui azɔ o, maɖe nye alẽwo le ve me na wo, be womaganye nuɖuɖu na wo azɔ o.


Madi esiwo bu, eye makplɔ tsiwo ka hlẽ la agbɔe, mabia abi na esiwo ŋe ala, eye maɖo ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ, makpɔ esiwo da ami, kple esiwo ƒe lãme sẽ la ta, eye manyi wo, abe alesi dze ene.


Esi mietsɔ axadame kple abɔgba mimi lã kudɔeawo katã ɖo, eye mietu dzo wo, vaseɖe esime mienyã wo do goe la,


Fia la awɔ nusi dze eŋu, ado eɖokui ɖe dzi, eye wòatɔ asi akɔ ɖe mawu sia mawu ŋu, agblɔ ɖiŋudonyawo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋu, eye wòadze edzi nɛ, vaseɖe esime dziku la nu natso, elabena wole nusi woɖo la wó ge.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi metoa agboa nu heyina ɖe alèxɔa me o, ke wòyi ɖaliaa afi bubu gena ɖe eme la, eya nye fiafitɔ kple adzodala.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa