Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 10:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Made agbe Yuda ƒe ale la ŋu, made Yosef ƒe aƒe, eye mana woatrɔ agbɔ; elabena mave wo nu, eye woanɔ abe ɖe nyemenyã wo de gbe o ene; elabena nye Yehowa enye woƒe Mawu, eye mase woƒe gbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 “Mado ŋusẽ Yuda ƒe aƒe, eye maɖe Yosef ƒe aƒe, magbugbɔ wo agaɖo te, elabena mekpɔ nublanui na wo. Woanɔ abe ɖe nyemegbe nu le wo gbɔ kpɔ o ene, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la, eye matɔ na wo.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 10:6
39 Mawu Ofanana  

Mekpɔ nye dɔla Dawid, eye mesi nye ami kɔkɔe nɛ.


Akɔ aflaga dzi na dukɔwo, eye wòaƒo Israel ƒe amesiwo woava de gbe kple Yuda-nyɔnu, siwo wokaka hlẽ la nu ƒu tso anyigba ƒe go eneawo dzi.


Elabena Yehowa ave Yakob nu, eye wòagatia Israel ahakplɔ wo aɖo woƒe anyigba dzi, du bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋu, eye woaku ɖe Yakob ƒe aƒe la ŋu.


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Megavɔ̃ o, elabena ŋu makpe wò o; wò mo megatsi da o, elabena ŋukpe malé wò o. Elabena àŋlɔ wò ɖetugbime ŋukpe be, eye màɖo ŋu wò ahosinyenye me vlododo o.


Le dɔmedzoedodo ƒe nyanyrã me meɣla nye ŋku me de wò ʋee: ke matsɔ amenuveve mavɔ akpɔ nublanui na wò, Yehowa, wò ɖelae gblɔe!


Le eŋɔli woaɖe Yuda, eye Israel ana anyi bɔkɔɔ. Eye ŋkɔ, si woava nɛ la, enye: „Yehowa, míaƒe dzɔdzɔenyenye“.


Le ɣemaɣi la Yuda ƒe aƒe ayi Israel ƒe aƒe gbã, eye woaƒo takpli tso anyiehe-nyigba dzi ayi anyigba, si metsɔ na mia fofowo, ne wòanye domenyinu la dzi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖo Yakob ƒe agbadɔ te, eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo, woagatso du la ɖe eƒe togbɛ dzi, eye fiasã anɔ eteƒe xoxoa.


Viawo anɔ abe tsã ene, eƒe amehawo ali ke le ŋkunye me, eye mahe to na amesiwo katã te wo ɖe anyi la.


Yehowa be: Le ɣemaɣi la manye Mawu na Israel ƒe ƒomeawo katã, eye woawo anye dukɔ nam.


Efrayim la, vi vevi kple vi malɔ̃nugbɔa wònye nama? Elabena ne menya ƒo nu le eŋu ko la, nye ŋku nɔa eyama dzi ɖaa; eyata nye dɔme le tɔtrɔm ɖe eŋu, makpɔ nublanui nɛ kokoko, Yehowa ye gblɔe.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mabia nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe.


Mana amegbetɔwo kple lãwo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, woakeke ta, eye wòadzi; mana ame nanɔ mia dzi abe tsã ene, eye mawɔ nyui na mi wu tsã, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana Israel ƒe aƒe la naɖe kuku nam ɖe esia hã ta, eye mawɔe na wo: Mana woƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene.


Amevi, tsɔ ati naŋlɔ nu ɖe edzi be: „Yuda kple Israel-vi, siwo wɔ ɖeka kplii la tɔe.“ Eye gatsɔ ati bubu naŋlɔ nu ɖe edzi bena: „Yosef, si nye Efrayim ƒe ali, kple Israel ƒe aƒe blibo, si wɔ ɖeka kplii la tɔe.“


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Azɔ maɖo Yakob te, makpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe blibo la, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la nu.


Ke makpɔ nublanu: na Yuda ƒe aƒe la, eye maxa na wo to Yehowa, woƒe Mawu la dzi, menye dati, yi kple aʋawɔwɔ, sɔwo kple sɔdolawo matsɔ axa na wo o.


Efrayim, legbawo ƒe nya kae tsɔ gbɔnye? Mede toe, eye melé ŋku de eŋu. Sesewu dama menye, dzinye nakpɔ wò kutsetsewo le.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la mase dziƒo ƒe gbe, eye dziƒo ase anyigba ƒe gbe;


Yakob ƒe aƒe la anye dzo, eye Yosef ƒe aƒe la anye dzoƒaɖe, ke Esau ƒe aƒe la anye gbe ƒuƒu; woafiãe wòabi, ale be amea ɖeke makpɔtɔ na Esau ƒe aƒe la o; elabena Yehowa ye gblɔe.


Zion-nyɔnuvi, tso nafanya nu! Elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, eye wò afɔkli nanye akɔbli, ne nagbã dukɔ geɖewo gudugudu, eye nakɔ aboyonuwo ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba blibo la dzi Aƒetɔ.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la maƒo abutɔlawo nu ƒu, eye makplɔ amesiwo kaka hlẽ, kple amesiwo dzi mehe gbegblẽ vɛ la, ɖe du.


Ado ahatsɔ Yehowa ƒe ŋusẽ kple eƒe Mawu, Yehowa ŋkɔ ƒe gãnye-nye anyi woe, eye woanɔ anyi bɔkɔɔ, elabena alolo azɔ vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu.


Wò alɔ aɖe ɖzl ɖe wò ketɔwo ŋu, eye woatsrɔ̃ wò futɔwo katã!


Dukɔwo akpɔe, eye woƒe ŋusẽwo katã akpe ŋu na wo, woatsɔ asi aɖo nu, eye woƒe towo me atsi.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi. Makpɔ nublanui na Yerusalem agatrɔ ɖe eŋu, woatu nye xɔ ɖe eme, eye woada dzidzeka ɖe Yerusalem ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Matsɔ Yehowa ade agbe wo ŋu, eye woazɔ le eƒe ŋkɔ me, Yehowa ye gblɔe.


Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


Ke azɔ la nyemele na dukɔ sia ƒe susɔea abe tsã ene o, Yehowa Zebaot ye gblɔe;


Yehowa, woƒe Mawu, axɔ na eƒe dukɔ ɣemaɣi abe lãha ene; elabena woanɔ dzo sim le eƒe anyigba dzi abe kpe xɔasi le fiakuku ŋu ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa