Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 10:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eya me dzogoekpe kple gatagbadzɛwo, eya me aʋadatiwo kple dzi-ɖulawo katã ado atso.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Dzogoedzikpe atso Yuda ava, eye tsyoti, dati siwo ŋu dɔ wowɔna le aʋa me kple dziɖula ɖe sia ɖe atso Yuda ava.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 10:4
29 Mawu Ofanana  

Ke eva eƒe dati goŋgoŋ, eye eƒe asiwò le tsatsam; elabena exɔ ŋusẽ tso Yakob ƒe ŋusẽtɔ kple Israel ƒe kplɔla kple kpe la gbɔ,


Azɔ Yehowa, mía Mawu, ve mía nu vie, ekpɔtɔ ame susɔea ɖewo ɖi na mi, eye wona agbadɔtsyoti mi le eƒe nɔƒe kɔkɔe la, ne mía Mawu nana míaƒe ŋku dzi nakɔ, eye wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe vie le miaƒe kluvinyenye me.


Kpe, si xɔtulawo gbe la, eyae trɔ zu dzogoedzikpe.


Zoan-amegãwo zu bometsilawo, Nof-amegãwo flu wo ɖokui, amesiwo nye woƒe ƒomeawo ƒe dzogoekpewo na Egipte le nagbanagba kum.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo kpea ɖe anyi ɖe Zion, kpe, si wodo kpɔ, dzògoekpe xɔasi, si li ke zã. Amesi xɔe se la, masi o.


Ewo nye nu abe yi ɖaɖɛ ene, eɣlam ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te, eye wòtsɔm wo aŋutrɔ biɖoe hetsɔm ƒo ɖe eƒe daku me.


Kpɔ ɖa, nyee wɔ gbede, amesi ƒlɔa dzo ɖo, eye wòtua lãnu le eƒe dɔwɔwɔ nu; eye nyee wɔ nugblẽla hã, be wòagblẽ nu.


Kpɔ ɖa, nyea matsɔ wò awɔ ɖu sesẽ, gasɔti kple akɔbligli egbea ɖe anyigba blibo la nu, ɖe Yuda-fiawo, eƒe amegãwo, eƒe nunɔlawo kple dukɔ hahoo la ŋuti.


Zũ kple aʋawɔnu nènye nam, wòe matsɔ agbã dukɔwoe gudugudu, eye wòe matsɔ atsrɔ̃ fiaɖuƒewoe.


Matsrɔ̃ tasiaɖam ɖa le Efrayim kple sɔwo ɖa le Yerusalem, aʋadatiwo atsrɔ̃, eye wòaɖe gbe ƒã ŋutifafa le dukɔwo dome; eƒe fiaɖuƒe atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu, eye tso tɔsisi la nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.


Manye dzɔla aƒu asaɖa anyi ɖe nye aƒeŋu le amesiwo vana gadzonu la ta, eye ŋutasẽla magaƒo ɖe wo dzi azɔ o, elabena nye ŋutɔ mekpɔe kple nye ŋkuwo.


Mele ekpɔm, gake menye fifiae o; mekpɔnɛ, gake mele kpuiƒe o. Ɣletivi ado tso Yakob me, eye fiatikplɔ ado tso Israel me; aŋe tonuƒuiwo na Moab, eye wòakaka la le amesiwo nye zi la nu.


Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.


Eye wòkpɔ wo dũ gblo bena: Nuka gɔ̃e nye esia, si woŋlɔ ɖi bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke tro zu dzogoekpe“ mahã?


amesiwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoɖo la dzi, afisi Yesu Kristo ŋutɔ nye dzogoedzikpe le,


Amea ɖeke menɔa aʋa wɔm so gatsɔa eɖokui dea nuɖuɖudɔwɔwɔwo me o, bene wòadze amesi tsɔ aʋae la ŋu.


Eyata wòle ŋɔŋlɔ la me bena: „Kpɔ ɖa, meɖo dzogoedzikpe tiatia xɔasi anyi ɖe Zion, eye amesi ke xɔ edzi se la, ŋu mele ekpe ge o.“


Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.


Tete Saul gblɔ bena: Mi dukɔ la ƒe tatɔwo katã, mite va afi, ne miadze sii egbe, eye míakpɔ amesi wɔ nuvɔ̃ sia!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa