Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 10:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena aklama kpakpɛwo gblɔa nya maɖinyawo, eye hokɔnɔwo kpɔa alakpaŋutegawo, wolĩa drɔ̃e, siwo mele ɖeke me o, eye woƒe akɔfaname la toflokoe; eyata woanɔ tsa glãla tsam abe alẽwo ene, eye fu awɔ wo, elabena lãkplɔvla ɖeke meli o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Legbawo blea ame, bokɔnɔwo kpɔa ŋutega siwo mele eteƒe o, wokua drɔ̃e siwo nye aʋatso, eye wogblɔa akɔfanya siwo mevaa eme o. Eya ta ameawo le tsaglalã tsam abe alẽ siwo wote ɖe anyi la ene, elabena kplɔla mele wo si o.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 10:2
44 Mawu Ofanana  

Ke esi Laban yi fu sẽ ge na lãwo la, Raxel fi fofoa ƒe aklama kpakpɛwo.


Egblɔ bena: Mekpɔ Israel blibo la wòka hlẽ ɖe towo dzi abe ale, siwo nu kplɔla mele o ene. Eye Yehowa gblɔ be: Aƒetɔa ɖeke mele amesiawo nu o, wo dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me le ŋutifafa me.


Ke miawo la, ami ɖem miele ɖe aʋatso, eye gbedala dzodzrowo mienye.


Aleke mianɔ akɔ fam nam ɖe ya me? Miaƒe ŋuɖoɖowo la, alakpa ɖeɖe ko wonye.


Kpɔ ɖa, wo katã mele ɖeke me o, nu dzodzroa enye woƒe dɔwɔwɔ, ya kple tofloko enye woƒe legbawo.


Eya, amesi gblẽa nu kpoloe ƒolawo ƒe dzesi me, eye wòdoa bometsila afakalawo; eya, amesi nana nunyalawo gbugbɔna, eye wòdoa lã woƒe nunya;


Legba mèlawo katã la toflokowo wonye, eye woƒe nu lɔlɔ̃awo mele ɖeke me o; woawo ŋutɔwoe nye woƒe ɖasefowo be, womele nu kpɔm o, eye womedzea si nu o, eyata ŋukpe alé wo.


Ameka ŋu miehe, yewoatsɔm aɖoe, ne míasɔ kple mía nɔewo? eye ameka miebe, yewoatsɔ aɖo ŋunye, ne míaɖi mía nɔewo?


Wo katã wodzɔ lã, eye wòzu bometsilawo; wohe to na legbawo, ati wonye.


Tete megblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpo ɖa, nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be: Miele yi alo dɔwuame kpɔ ge o, ke boŋ ŋutifafa mavɔ mana mi le afisia.


Ɖe tsinala le dukɔwo ƒe trɔ wo domea, eye ɖe dziƒo ate ŋu ana tsi nadza? De menye wò Yehowa ye nye mía Mawu oa? Asiwò nu kpɔm miele, elabena wòe wɔ nusiawo katã!


Wole gbɔgblɔm na amesiwo le vlo domem la be: „Eme anyo na mi“, eye wole gbɔgblɔm na amesiwo katã le zɔzɔm ɖe woƒe dzimesesẽ nu la be: „Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mava mia dzi o“.


Kpɔ ɖa, ale Yehowa gblɔ esi: Mado ɖe amesiwo tsɔ alakpa drɔ̃ewo gblɔa nya ɖi, eye wolia wo la dzi, amesiwo tsɔa woƒe alakpadadawo kple adegbeƒoƒowo kplɔa nye dukɔ tranae, evɔ wònye nyemedɔ wo o, eye nyemeɖo wo ɖa o hafi; womenye viɖea ɖeke na nye dukɔ o, Yehowa ye gblɔe.


Elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi, be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigba dzi, ne manyã mi, eye miatsrɔ̃.


Eye migaɖo to nyagblɔɖila, siwo le gbɔgblɔm na mi be, migasubɔ Babel-fia o la ƒe nyawo o; elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi.


Ke miawo la migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃ekulawo, gbesalawo kple dzotɔwo, amesiwo le gbɔgblɔm na mi be, miasubɔ Babel-fia o la o.


Tete nyagblɔɖila Yeremya gblɔ na nyagblɔɖila Xananya bena: Xananya, see: Menye Yehowa ye do wò o, hafi nèle nanam be, dukɔ sia nanɔ dzi ɖom ɖe alakpaka ŋu.


Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Migana miaƒe nyagblɔla, siwo le mia dome, kple miaƒe bokɔnɔwo nable mi o, eye migalé to ɖe miaƒe drɔ̃e, siwo miekuna la ŋu o.


Eye afika miaƒe nyagblɔɖila, siwo gblɔ nya ɖi na mi bena, Babel-fia mava ƒo ɖe mia kple anyigba sia dzi o la le?


Israel la, alẽ, si wonyã de gbe, eye dzatawo yɔ ɖe nu la wònye; gbã la Asur-fia ɖui, emegbe Babel-fia Nebukadnezar kuko eƒe ƒuwo.


wòe matso agba lãkplɔvi kple lãha, wòe matsɔ agbã agbledela kple eƒe lãwo, eye wòe matsɔ agba anyigbanunɔla kple amegãwo.


Wotre nye dukɔ ƒe gbagbãƒe betsebetse hele gbɔgblɔm be: Ŋutifafa, ŋutifafa! evɔ ŋutifafa meli o hafi.


Wotre nye dukɔ ƒe gbagbãƒe betsebetse hele gbɔgblɔm be: Ŋutifafa, ŋutifafa; evɔ wònye ŋutifafaa ɖeke meli o hafi.


Wò nyagblɔdilawo gblɔ alakpanya kple nya mastatsa ɖi na wò, eye womeklo nu le wò vodadawo dzi, ne woagaɖo wò te o, ke boŋ wogblɔ alakpanya kple ameflunya ɖi na wò.


Dza nu le ɖusi kple mia me afisiafi, si wò nu trɔ ɖo!


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi mieɖo ŋu miaƒe vodadawo, eye miaƒe tosesẽwo dze go, be wokpɔ miaƒe nuvɔ̃wo le miaƒe nuwɔnawo me, esi woɖo ŋku mia dzi la, eyata asi atu mi.


Woka hlẽ, elabena kplɔla mele wo nu o, wòzu nuɖuɖu na gbemelãwo katã, eye woka hlẽ.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Esi nye alẽwo zu nuhaha, eye nye alẽwo zu nuɖuɖu na gbemelãwo katã, elabena kplɔlaa ɖeke meli o, eye nye lãkplɔviwo mebiaa nye alẽwo ta sena o, lãkplɔviawo nyi woawo ŋutɔ ɖokui, eye wogbe nye alẽwo nyinyi la,


Elabena Israel-viwo anɔ anyi eteƒe nadidi, eye fia kple amegã, akpedavɔsa kple legba, kɔmewu kple aklama kpakpɛa ɖeke mana wo si o.


Maƒo Yakob nu ƒu blibo, eye makplɔ Israel ƒe ame mamleawo ɖe du; maƒo wo nu ƒu ɖe lãkpɔ me abe alẽwo ene, abe lãha le lãnyiƒe titina ene; eye afima agblẽ kple amegbetɔwo.


Viɖe ka nye aklama kpakpɛ be, ekpala kpae, eye viɖe ka nye legba kɔkɔ kple alakpanufiala be, legbamela le dzi ɖom ɖe eƒe legba ŋu, esi wòwɔ legba maƒonuwo?


Baba na lãkplɔvi dzodzro, si gblẽ lãha la ɖe ya me! Yi neva eƒe alɔ kple eƒe ɖusi ŋku dzi! Eƒe alɔ aƒu kplakplakpla, eye eƒe ɖusl ŋku agbã.


amesi ado kpli wo, eye wòagagbɔ kpli wo, amesi akplɔ wo adoe, eye wòagakplɔ wo agbɔe, bena Yehowa ƒe ha la maganɔ abe alé, siwo nu kplɔla mele o la, ene o.


Ke esi wòkpɔ amehawo la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.


Eye esi Yesu do go la, ekpa ameha gãa de, eye eƒe dome tre de wo ŋuti, elabena wole abe ale, siwo nu kplɔla mele o ene, eye wòde asi nu geɖe tiatia me wo.


Ne nyagblɔɖila alo drɔ̃ekulaa ɖe ɖo mia dome, eye wòbe, yeawɔ dzesi alo nukunua ɖe na mi,


Tete ŋutsu atɔ, siwo yi ɖatsa ŋku le Lais-nyigba dzi la, gblɔ na wo nɔviwo bena: Miawo hã mienyae bena, kɔmewu, aƒeli, aklama kpakpɛ kple legba le aƒe sia mea? Eyata mibu nusi miawɔ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa