Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 1:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Le za me la mekpɔ ŋutega, eye kpɔ ɖa, ŋu-tsua ɖe do sɔ dzĩa ɖe, eye wòtɔ ɖe gbemiti, siwo le bali me la domee, eye sɔ, siwo le dzie, hẽ kple ɣle la, le emegbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Mekpɔ ŋutega le zã me, eye le ŋutega la me la, mekpɔ ŋutsu aɖe wònɔ sɔ dzĩ aɖe dom. Sɔdola la tsi tsitre ɖe amitive aɖe me le bali aɖe me. Sɔ dzĩ, sɔ hẽ kple sɔ ɣi bubuwo nɔ emegbe.

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 1:8
26 Mawu Ofanana  

Ke le zã me la Mawu va Abimelex gbɔ le ɖrɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, àku kokoko le nyɔnu, si nèxɔ la ta, elabena ame srɔ̃e.


Tete Mawu ɖe eɖokui fia Israel le drɔ̃eƒe gblɔ bena: Yakob, Yakob! Eɖo ŋu bena: Nye enye si!


Tete Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo le drɔ̃eƒe le zã me le Gibeon, eye Mawu gblɔ nɛ bena: Bia nusi mana wò.


eye woado kpo aɖe gbeƒã le woƒe duwo katã me kple Yerusalem be; Mido yi towo dze eye mitso amiti ŋutɔ ƒe alɔwo, gbemiti ƒe alɔwo, mirte ƒe alɔwo, deʋayawo kple afi dɔdɔewo ƒe alɔwo, ne miatsɔ awɔ agbadɔe, abe alesi woŋlɔ ɖi ene!


le zã me ŋutega ƒe tameyiyi me, esime amewo yi alɔ̃ me ʋĩ.


Tɔnyee nye nye lɔlɔ̃tɔ la, eye nye hã menye etɔ, eya amesi nyia lãwo le dzogbenyawo me.


Nye lɔlɔ̃tɔ yi eƒe abɔ me, yi atike ʋeʋẽe kpowo gbɔ, ne wòanyi lã le abɔ me, eye wòaké dzogbenya.


Mado sederti, xe, gbemiti kple amiti ŋutɔ ɖe gbe dzi, eye mado sesewu, fɔfɔli kple kpomi siaa ɖe gbegbe;


Sesewuwo amie ɖe ŋuvewo teƒe, eye gbe ʋeʋẽewo amie ɖe dzawo teƒe, eye wòazu kafukafu na Yehowa kple ŋkuɖodzinu mavɔ, si nu mayi o.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Tete woɖe nya ɣaɣla la fia Daniel le ŋutega me le zã. Eye Daniel kafu dziƒo Mawu la.


Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe.


Daniel xlẽe fia gblɔ bena: Mekpɔ le nye ŋutega me le zã me be, dziƒo ƒe ya eneawo lɔ atsiaƒu gã la ɖe nu.


Tete ŋutsu, si tɔ ɖe gbemitiawo domee la, xɔ edzi gblɔ bena: Woawo nye amesiwo Yehowa ɖɔ, be woaɖatsa le anyigba dzi.


Eye woɖo ŋu na Yehowa ƒe dɔla, si tɔ ɖe gbemitiawo domee la, gblɔ bena: Míeyi ɖatsa le anyigba dzi, eye kpɔ ɖa, ɖo-ɖoe zi le anyigba blibo la ŋu klenee.


Le Dario ƒe ƒe evelia me, le dzinu wulɖekɛlia Sebat ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la Yehowa ƒe gbe va na Zaxarya, Iɖo vi Berexya ƒe vi, bena:


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


Esi Yosua le Yerixo gbɔ, eye wòfɔ ko dzi la, ekpɔ ŋutsua ɖe ɖi yi ɖe asi, le tsitre ɖe eŋgɔ. Tete Yosua zɔ ɖe edzi biae bena: Mía dzi nèle loo, alo míaƒe futɔwo dzi nèlea?


Ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Efeso la, ƒe dɔla bena: Amesi lé ɣletivi adre ɖe eƒe nuɖusi, amesi le sikakaɖiti adreawo titina zɔm la, eyae gblɔ esiawo bena:


Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye amesi ɖoe la, lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku nɛ, eye wòdo go yi ɖale dzi ɖum, bene yeakpɔ dziɖuɖu.


Eye so bubua ɖe, si le dzie la, do go, eye amesi doe la, wona ŋusẽe, be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, bena woawu wo nɔewo, eye wotso yi gã ɖe asi nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa