Zekaria 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19134 Miganɔ abe mia fofowo ene o; wo amesiwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na bena: Yehowa Zebaot be: Miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo kple nuwɔna vɔ̃ɖiwo ŋu! Ke wogbe toɖoɖo, eye womelé ŋku ɖe ŋunye o, Yehowa ye gblɔe! Onani mutuwoAgbenya La4 Miganɔ abe mia fofowo ene o, ame siwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye miaɖe asi le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋuti.’ Gake wogbe toɖoɖom, eye wometsɔ ɖeke le eme nam o. Onani mutuwo |