Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 1:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 eye dzi akum vevie ɖe dukɔ dadalawo ŋu; elabena esi dɔ me nya vem vie ko la, woawo kpe asi ɖe eŋu hetrɔ gbegblẽ la ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 ke mekpɔ dɔmedzoe vevie ɖe dukɔ siwo susu be yewole dedie la ŋuti. Ke dɔmedzoe vi aɖe ko mekpɔ, gake woawoe he dzɔgbevɔ̃e la vɛ.’

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 1:15
28 Mawu Ofanana  

Wogblẽa nye toƒe, eye wo, amesiwo xɔnamelɔa ɖeke meli na o la, kpea asi ɖe nye dzɔgbevɔ̃e ŋu.


Amesiwo li bɔkɔɔ ƒe alɔmeɖeɖe kple dadalawo ƒe vlododo ɖi ƒo na míaƒe luʋɔ ŋutɔŋutɔ.


Yehowa, do ŋku Edom-viwo kple Yerusalem ƒe ŋkeke la dzi, amesiwo gblɔ be: Migbãe, migbãe vaseɖe gɔmegɔmea ke!


Woƒe agbletawo nezu aƒedo, eye amea ɖeke meganɔ woƒe agbadɔwo me o!


Le dɔmedzoedodo ƒe nyanyrã me meɣla nye ŋku me de wò ʋee: ke matsɔ amenuveve mavɔ akpɔ nublanui na wò, Yehowa, wò ɖelae gblɔe!


Eyata woaɖu amesiwo katã ɖu wò, eye wò ketɔwo katã ayi aboyo me; woaha amesiwo ha wò, eye woada adzo amesiwo katã da adzo wò.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Wote Israel-viwo kple Yuda-viwo siaa ɖe anyi, eye amesiwo katã ɖe aboyo wo la, va wo goŋgoŋ, gbe be, yewomaɖe asi le wo ŋu o.


Ke mahe to na Babel kple Kaldeatɔwo katã le mia ŋku me le woƒe vɔ̃, siwo katã wowɔ ɖe Zion ŋu la ta, Yehowa ye gblɔe.


Amevi, esi Tiro le ehẽ dom de Yerusalem ŋu be: Dukɔwo ƒe agbo gbã, eyi de dzinye, eye nu abɔ de asinye, le esi wòzu gbegbe ŋuti la,


Baba na mi amesiwo ɖe dzi ɖe anyi le Zion, kple mi amesiwo le Samaria-towo dzi bɔkɔɔ, mi dukɔwo ƒe ame veviwo dome ŋkutatɔwo, amesiwo gbɔ Israel ƒe aƒe la vana!


Eto anyigba dzi le dziku me, eye nè fanya dukɔwo ledɔmedzoe me.


Eye woɖo ŋu na Yehowa ƒe dɔla, si tɔ ɖe gbemitiawo domee la, gblɔ bena: Míeyi ɖatsa le anyigba dzi, eye kpɔ ɖa, ɖo-ɖoe zi le anyigba blibo la ŋu klenee.


Yehowa ɖo ɖɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie.


Eye hiãkame, si Yehowa le hehe ge ava dukɔ, siwo katã ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu dzi la, enye si: La aƒaƒã ɖe ŋuti na amesiame, esime wogale tsitrenu ko, ŋku aƒaƒã ɖe to me na wo, eye aɖe aƒaƒã ɖe nu me na wo.


Eye wòyɔm gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, esiwo ho ɖo ta anyiehe-nyigba dzi la, woawoe le nye dɔmedzoe nu fa ge le anyiehe-nyigba dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa