Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 1:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim le gblɔ nam bena: Ɖe gbe ƒã be: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu vevie,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Tete mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la gblɔ be, “Ɖe gbeƒã nya sia: ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Meʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu ŋutɔ,

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 1:14
19 Mawu Ofanana  

Elabena ame susɔeawo ado tso Yerusalem, eye amesiwo woɖe la, atso Zion-to la dzi; Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã la le esia wɔ ge.


Eye Xizkiya gblɔ be: Nuka nye dzesi be, mayi Yehowa ƒe me?


Mifa akɔ, mifa akɔ na nye dukɔ, mía Mawu la gblɔe!


Mide dzi ƒo na Yerusalem be, eƒe aʋawɔdɔ la wu enu, eye woxe eƒe vodada ŋu fe, elabena exɔ teƒeɖoɖo eve nu tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nuvɔ̃wo katã ta.


Miƒu to anyi, amea ɖe le gbɔgblɔm be: De gbe ƒã! Tete megblɔ be: Nya ka tsɔ ge mala aɖe gbe ƒã lae? Ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene.


Yehowa ho abe kalẽtɔ ene, eɖe dzo ŋuʋaʋã me abe aʋawɔla ene, edo ɣli, eye wòtso ayiboopɛɛ, eɖe ŋusẽ fia ɖe eƒe futɔwo ŋu.


Edo dzɔdzɔenyenye abe ga wu ene, eye wòɖɔ xɔname ƒe gakuku ɖe la; eta hlɔ̃biabia abe ava ene, eye wòda ŋuʋaʋã ɖe abɔ abe taɖedzi ene.


Do ŋku ɖa tso dziƒo, eye nakpɔ nu tso wò nɔƒe kɔkɔe nyo la me! Afika wò ŋuʋaʋã kple wò nutsuwɔwɔwo le? Wò dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ de megbe le ŋunye.


Aƒetɔ la gblɔ nya ɖo ɖe Yakob, eye wòva ƒo ɖe Israel dzi,


Aƒetɔ Yehowa be: Matsɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dzobibi aƒo nu kple dukɔwo ƒe susɔea kpakple Edom blibo la, amesiwo tsɔ nye anyigba wɔ wo ɖokui tɔe, woƒe dzi le nu kom nyrenyrenyre, eye wole alɔme ɖem, le esi wotsɔe na wòzu nuhaha la ta.


Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!


Tete Yehowa ʋã ŋu ɖe eƒe anyigba la nu, eye wòkpɔ nublanui na eƒe dukɔ la.


Mawu: ŋuʋãla kple hlɔ̃biala enye Yehowa; Yehowa biaa hlɔ̃, eye dzl kunɛ vevie; Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo, eye wòléa nya ɖe dɔ me na eƒe futɔwo.


Tete Yehowa gblɔ nya nyui kple akɔfanyawo na mawudɔla, si ƒo nu kplim, la,


Gaɖe gbe ƒã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi; Nu nyui agagbagba ɖe nye ɖuwo me, Yehowa agave Zion nu, eye wòagatia Yerusalem.


Tete me-gblɔ bena; Nye aƒetɔ, amekawoe nye esiawo? Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim la, gblɔ nam bena: Magblɔ amesiwo wonye la, afia wo.


Tete mawudɔla, si ƒo nu kplim la, trɔ gbɔ va nyɔm, abe alesi wonyɔa ame tsoa alɔ̃ me ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa