Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zekaria 1:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete Yehowa ƒe dɔla la xɔ edzi gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ɣekaɣi nagbe nublanuikpɔkpɔ na Yerusalem kple Yuda-du, siwo ŋu nẽdo dziku ɖo ƒe blaadre sɔŋ enye si la, ase ɖo?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Esi Yehowa ƒe dɔla la se nya siawo la, edo gbe ɖa be, “O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ƒe blaadree nye esi, esi nètrɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe Yerusalem kple Yuda ƒe duwo dzi. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàgakpɔ nublanui na wo?”

Onani mutuwo Koperani




Zekaria 1:12
24 Mawu Ofanana  

bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me be: „vaseɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe me“. Egbɔ ɖe me le eƒe aƒedoɖiɣi la katã, vaseɖe esime ƒe blaadre nu va yi.


Elabena mele dzowɔ ɖum abe abolo ene, eye nye nunono tɔtɔ kple aɖatsi


Ke wò Yehowa la, èli tegbee, eye wò ŋkɔ le dzidzimewo katã me.


Amesiwo lém ɖe ke me yakatsyɔ la, sɔ gbɔ wu nye taɖa, eye nye futɔ alakpadala, siwo be, yewoagblẽm la, ɖe ha ŋutɔ, nusi nyemeda adzoe o la, teƒe wobe, maɖo.


Mawu, ɣekaɣi ketɔ la anɔ vlo dom, eye futɔ la anɔ alɔme ɖem le wò ŋkɔ ŋu ɖikaa ase do?


Yehowa, ɣekaɣi nado dziku ɖaa ase ɖo, eye wò ŋuʋaʋã nabi abe dzo ene?


amewuɣi li, eye gbeɖaɣi li; xɔgbãɣi li, eye etuɣi li;


Medo dɔmedzoe ɖe nye dukɔ ŋu, medo gu nye domenyinu, eye metsɔ wo de asi na wò; ke mèkpɔ nublanui na wo o, eye nètsɔ wò kɔkuti kpekpe do amegã ɖeɖiwo dzi.


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Ɣekaɣi anyigba naxa nu ase ɖo, eye gbe naƒu le anyigba blibo la dzi le edzi nɔlawo ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta, lãwo kple xewo natsrɔ̃, le esi wole gbɔgblɔm be, makpɔ míaƒe nuwuwu o la ta?


Nyemebɔbɔ nɔ nukolawo dome le dzidzɔ kpɔm o, ke boŋ nye ɖeka mebɔbɔ no aga le wò alɔ ta, elabena ètsɔ dziku yɔ menye fũ.


Yehowa be: Ne ƒe blaadre de na Babel vo la, ekema maɖo ŋku mia dzi, eye mawɔ nye ŋugbe nyui, si medo na mi be, magakplɔ mi ava teƒe sia la dzi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖo Yakob ƒe agbadɔ te, eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo, woagatso du la ɖe eƒe togbɛ dzi, eye fiasã anɔ eteƒe xoxoa.


Eye wo ɖometɔ ɖeka gblɔ na ŋutsu, si le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisi la ƒe dzigbe gome bena; Ɣeka ɣie nu manyatanuwo ƒe nuwuwu la ase ɖo?


le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la nye Daniel melé ŋku ɖe agbalẽwo me ɖe ƒe, siwo ŋu Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Yeremya ɖo be, woanye ƒe blaadre ayi ɖe Yerusalem ƒe aƒedo ŋu la ƒe xexlẽme ŋu.


Yehowa, ɣekaɣi mana yɔwòm sesĩe, eye nagbe esese ase ɖo? Mado ɣli na wò le ŋutasesẽ ta, ke màxɔ na ame o?


Le za me la mekpɔ ŋutega, eye kpɔ ɖa, ŋu-tsua ɖe do sɔ dzĩa ɖe, eye wòtɔ ɖe gbemiti, siwo le bali me la domee, eye sɔ, siwo le dzie, hẽ kple ɣle la, le emegbe.


Gblɔ na dukɔ hahoo la katã kple nunɔlawo bena: Esi mietsi nu ɖɔ, eye miexa nu le dzinu atɔ̃lia kple adrelia me ƒe blaadre sɔŋ nye esi la, nyee mietsi nu dɔ na loo?


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa