Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 3:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Megblɔ be; Ne evɔ̃m, eye wòna wobe to nɛ la, ekema nyemagblẽ eƒe nɔƒe o, eye nusiwo katã meɖo ɖe eŋu la, mava edzi o; ke wole nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi ɖaa atraɖi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Megblɔ na du la be, ‘Azɔ la, àvɔ̃m vavã, eye nàxɔ nye ɖɔɖɔɖo!’ Ekema womagatsrɔ̃ eƒe nɔƒe alo nye tohehe magava edzi o, gake wogatsi dzi ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu,

Onani mutuwo Koperani




Zefania 3:7
25 Mawu Ofanana  

Eye Mawu kpɔ bena, xexeame gblẽ keŋ; elabena amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.


Eyata Yehowa na Asur-fia; ƒe aʋafiawo va ƒo ɖe wo dzi: wode ga Manase heɖe aboyoe, eye woɖe kɔsɔkɔsɔe hekplɔe yi Babel.


eʋua to na wo ɖe tohehe la ŋu hegblɔna be, woatrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me.


Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nam la wò; made aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.


Se aɖaŋuɖoɖo, eye naxɔ amehehe na ɖokuiwò, ne nadze nunya le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me.


Nukae woawɔ na nye weingble la, eye nyemewɔe nɛ o? Nukaŋuti mele mɔ kpɔm be, atse weintsetsewo, eye wòtse ʋukatsetsewo?


Egblɔ be: Vavã, nye dukɔ wonye, vi, siwo madaa alakpa o la wonye, eye wòzu xɔnametɔ na wo.


Ke wogbe toɖoɖo, eye womeƒu to anyi o, ke boŋ wolia ʋume, womeɖo to o, eye wodo toku tohehe.


Egblɔ bena. Amesiame netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple eƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo me, ne miano anyigba, si Yehowa tsa na mia kple mia fofowo tso mavɔ me yi mavɔ me la dzi.


Amea ɖe menya nu o Yuda ƒe aƒe la ase vɔ̃, siwo katã meɖo be, mawɔ wo la, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, eye matsɔ woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ake wo.


Tete Yeremya gblɔ na Zedekiya bena: Ale Yehowa, Mawu Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ne edo yi Babel-fia ƒe amegãwo gbɔ la, ekema atsi agbe, womatɔ dzo du sia o, eye mia kple wò aƒe míatsi agbe.


Yerusalem, na woaka mo na wò, ne nye luʋɔ magadzo le gbɔwò, eye matso wò awɔ gbegbe kple anyigba zu aƒedoe o.


ekema mana mianɔ teƒe sia le anyigba, si metsɔ na mia fofowo tegbee la dzi.


Meƒu to anyi, eye mese be, womelé nu ƒom ɖe eteƒe o; amea ɖeke meli, si eƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ venɛ wògblɔna be: Nuka nye esi mehewɔ hã o! Amesiame lé eƒe ma abe so, si lu ɖe aʋa me ene.


Wogbẽ wòtso me abe le Gibea ŋɔli ene; ado ŋu woƒe vodadawo, eye wòahe to le woƒe nuvɔ̃wo ta.


Egbe toɖoɖo, eye mena wohe to nɛ o; meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, eye mete ɖe eƒe Mawu ŋu o.


ne miagawɔ vɔ ayi legba wɔ ge na mia ɖokui o, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu ƒe nɔnɔmea ɖeke o;


Ke sedede ƒe nuwuwu enye lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpaa ɖeke mele o la me;


Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa