Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 3:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Zion-nyɔnuvi, tso aseye, Israel, ɖo ɣli; Yerusalem-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ, natso aseye tso dzi blibo me!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 O Zion vinyɔnu, dzi ha, O Israel, do ɣli, kpɔ dzidzɔ, eye wò dzi nayɔ fũu kple aseyetsotso, O Yerusalem vinyɔnuvi!

Onani mutuwo Koperani




Zefania 3:14
34 Mawu Ofanana  

Wosa vɔ geɖe gbemagbe, eye wokpɔ dzidzɔ, elabena Mawu do dzidzɔ gã na wo; nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose Yerusalem ƒe dzidzɔ la ŋkɔ le didiƒe ke.


Oo, ɖe xɔname atso Zion ava na Israel! Ne Yehowa gaɖo eƒe dukɔ te le Yakob atso aseye, eye dzi ladzɔ Israel!


Israel nekpɔ dzidzɔ ɖe ewɔla ŋu; Zion-viwo netso aseye ɖe woƒe ena ŋu!


Zion see, eye dzi dzɔe, Yuda-nyɔnuvi tso aseye le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ta, Yehowa.


Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.


Hiãtɔwo akpɔ dzidzɔ de Yehowa ŋu agakpɔe ɖe dzi, eye ame dahewo le amegbetɔwo dome atso aseye de Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu.


Woaƒo se ake, eye woatso dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso ase vivii. Woatso Libanon ƒe ŋutikɔkɔe, Karmel kple Saron ƒe atsyɔ̃ nɛ. Woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple mia Mawu ƒe atsyɔ̃.


Ale Yehowa gblɔ ɖe eŋu enye si: Ɖetugbi, Zion-nyɔnuvi, ɖe alɔme le ŋuwò, eye wòko wò, Yerusalem-nyɔnuvi ʋuʋu ta de yowòme.


Mifa akɔ, mifa akɔ na nye dukɔ, mía Mawu la gblɔe!


Zion, wò du nyui xɔla, lia to kɔkɔ la; wò Yerusalem, du nyui xɔla, kɔ wò gbe dzi sesĩe; kɔe dzi megavɔ̃ o, eye gblɔ na Yuda-duwo bena: Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si!


Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ gbɔ, woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.


Mi Yerusalem ƒe aƒedowo, mido aƒa, mitso aseye yoo; elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòɖe Yerusalem!


Wò konɔ, si medzi vi o, tso aseye; kpɔ dzidzɔ, eye nado aƒa, wò amesi melé ku kpɔ o! Yehowa be: Amesi tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu srɔ̃tɔ ƒe viwo.


Kafukafuha kple dzidzɔkpɔlawo ƒe gbe aɖi le wo dome; mana woadzi ɖe dzi, eye womazu ʋee o, made bubu wo ŋu, eye womaɖi gbɔ o.


Emegbe la ɖetugbiwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ; matrɔ woƒe nuxaxa wòazu dzidzɔ, mafa akɔ na wo, eye mado dzidzɔ na wo le woƒe konyifafa megbe;


afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.


Mi Zion-viwo, mitso aseye, ne miakpo dzidzɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu; elabena atso tsidzadza ayra mi, ana adatsi kple keletsi nadza ɖe mia dzi abe tsa ene.


Ke wò lãhawo ƒe xɔ tsrala, wò Zion-nyɔnuvi ƒe toghɛ, dziɖuɖu tsãtɔ asu asiwò, Yerusalem-nyɔnuvl ƒe fiaɖuƒe asu asiwò.


Eye ameha, siwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Wosana na Dawid vi la; Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa