Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Nye ameka, siwo ka hlẽ, amesiwo ɖoa gbe ɖa nam la, atso tɔsisi la ƒe go keme le Kus, eye woahe vɔsanuwo vɛ nam.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Tso Kus tɔsisi la godo ke, nye subɔlawo kple nye ame siwo ka hlẽ la, atsɔ woƒe nunanawo vɛ nam.

Onani mutuwo Koperani




Zefania 3:10
17 Mawu Ofanana  

Blu ɖe aƒla me la kple nyitsuwo ƒe ha, siwo le dukɔwo ƒe nyiviwo dome la ta; woawo, amesiwo na wonyã avuzi le wo dzi le klosalo ta. Kaka dukɔ, siwo lɔ̃a aʋawɔwɔ la hlẽ!


Eye woava me le ɣemaɣi be, Aƒetɔ la ado eƒe asi ɖa zi evelia, ne wòaxɔ eƒe dukɔ mamlea, si kpɔtɔ ɖi la, aƒle tso Asur, Egipte, Patros, Kus, Elam, Sinear, Xamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.


Akɔ aflaga dzi na dukɔwo, eye wòaƒo Israel ƒe amesiwo woava de gbe kple Yuda-nyɔnu, siwo wokaka hlẽ la nu ƒu tso anyigba ƒe go eneawo dzi.


Baba na anyigba, si le aʋala ƒom kpakpakpa le Kus ƒe tɔsisiwo ƒe go keme,


Ɣemaɣi la dukɔ, si dza atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre, dukɔ, si wovɔ̃na le dea didiƒe ke, dukɔ, si klitsu, eye wònyãa avuzi le ame dzi, dukɔ, si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi la, ahe nunanawo vɛ na Yehowa Zebaot, ayi Yehowa Zebaot ƒe ŋkɔ ƒe nɔƒe, ayi Zion-to la gbɔ.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Tete Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo bena: Afika amesia le yiyi ge bena, mía te ŋu akpɔe oa? Ɖe wòle, amesiwo kaka ɖe Helatɔwo dome la gbɔ yi ge, eye wòafia nu Helatɔwo mahã?


Azɔ le ƒe geɖe megbe la meva be, matsɔ nunanawo na nye dukɔ la, eye masa vɔ.


Eye wòtsi tre heyi; eye kpo ɖa, Etiopia-ŋutsua ɖe, aƒedzikpɔla, si nye Etiopia-towo ƒe fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ, amesi kpɔa eƒe kesinɔnuwo katã dzi la, eya va Yerusalem gbe do ge da;


bene manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye mawɔ Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ, bene trɔ̃subɔlawo nazu vɔsa, si adze eŋu, eye eŋuti ko to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


Petro, Yesu Kristo ƒe apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe amedzro, siwo ka hlẽ ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia, amesiwo nye ame tiatiawo


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa