Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 2:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne Moab mazu abe Soɖom ene, eye Amon-viwo abe Gomora ene o fĩ! Woazu ŋuve, dzeʋe kple gbegbe tegbee; nye ɖukɔ ƒe susɔea aha wo, eye nye dukɔ ƒe mamlea atsɔ wo anyi domee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, Zi ale si meli la, woatsrɔ̃ Moab kple Amon abe ale si wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora ene, eye woazu ŋuvedzeɖeƒe kple gbegbe; nye ame siwo susɔ la aha wo, eye woaxɔe le wo si.”

Onani mutuwo Koperani




Zefania 2:9
27 Mawu Ofanana  

Woadzo ɖe abɔta na Filistitowo le ƒu gome, eye woaƒo ƒu aɖaha ɣedzeƒeviwo, woake asi ɖe Edom kple Moab ŋu, eye Amon-viwo aɖo to wo.


Elabena Yehowa ƒe asi aɖiɖi ɖe to sia dzi, eye wòafanya Moab ɖe enɔƒe, abe alesi wofanyaa gbe ɖe agboti me ene;


Fɔ ka dzi nakpɔ nu godoo: Wo katã woƒo takpli gbɔna va gbɔwò! Yehowa be: Meta ɖokuinye ƒe agbe: Ado wo katã abe lekewɔnu ene, eye atso wo abla ali dzi abe ŋugbetɔ ene.


Ale fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot la, gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ava abe alesi Tabor le towo dome, eye Karmel le atsiaƒu nu ene.


Ɖe Moab ŋu Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Baba na Neho, elabena wogblẽe! Wòxɔ Kiryatayim, eye ŋukpe lée, wogbã mɔ̃ sesẽ la wòzu ŋukpe!


Ɖe Amon-viwo ŋu: Ale Yehowa gblɔ esi: ɖe ŋutsuvia ɖeke mele Israel si, alo domenyilaa ɖeke mele esi oa? Nukaŋuti Malkam xɔ Gad wɔ etɔe, eye eƒe dukɔ le eƒe duwo me?


Yehowa be: Amea ɖeke magatso aƒe ɖe afima o, eye amegbetɔvia ɖeke manɔ afima o, abe alesi wotrɔ Sodom kple Gomora kple woƒe aƒelikawo bu anyii ene.


Xazor azu amegãxiwo nɔƒe, eye woazu gbegbe ɖaa, amea ɖeke matso aƒe ɖe afima o, eye amegbetɔvia ɖeke mana eme o.


Yehowa be: Ame matso aƒe ɖe afima alo amegbetɔvia ɖe nanɔ eme o, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora kpakple woƒe aƒelikawo bu anyii ene.


Ale Yehowa gblɔ esi. Le Amon-viwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe; ake wo o; elabena wodze ƒo le Gilead ƒe funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Moab ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o, elabena etsɔ Edom-fia ƒe ƒuwo me akaloe.


Lãhawo kple gbemelã vovovowo atsyɔ akɔ ɖe eme, eye aluge kple hlɔmaɖe atsi woƒe sɔtiwo ƒe ko te aɖɔ. Ha anɔ ɖiɖim le fesre nu, eye anyiglãgo anɔ kpui nu, elabena seɖerʋuƒowo atsi go.


Anyigba, si le atsiaƒu nu la, azu Yuɖa ƒe aƒe la ƒe ame mamleawo tɔ, eye woaɖu gbe le edzi; woatsyɔ akɔ ɖe Askalon ƒe aƒewo me le fiẽ, ne Yehowa, woƒe Mawu la, va kpɔ wo ɖa, eye wògaɖo wo te.


Israel ƒe ame mamleawo mawɔ nu gbegblẽ o, womaka aʋatso o, eye alakpaɖe manɔ nu me na wo o; ke hoŋ woaɖu nu, eye woatsyɔ akɔ anyi ɖl, amea ɖeke maɖo voɖl na wo o.


Kpɔ ɖa, manyẽ nya asi ɖe wo ŋu, ne woazu aboyonu na woƒe kluviwo, eye miadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖɔm ɖa.


Gake zi alesi mele agbe, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba blibo la dzi la, ayɔ anyigba blibo la dzi


Elabena woŋlɔ ɖi bena; „Aƒetɔ la gblɔ be: Meta nye agbe: Woadze klo sia klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu me na Mawu.“


kple alesi woƒe anyigba fiã hetrɔ zu aŋɔ kple dze, womate ŋu aƒa nu ɖe edzi o, naneke mate ŋu ato ɖo le edzi o, eye gbea ɖeke mate ŋu amie ɖe edzi o, abe Sodom kple Gomora, Adma kple Zeboyim, siwo ŋu Yehowa do dɔmedzoe kple dziku ɖo hetrɔ bu anyi ene la, ekema woaƒo nu le eŋu,


eye dukɔwo katã agble bena: Nukaŋuti Yehowa wo anyigba sia alea, eye dɔmedzoe gã ka ƒomevi enye si?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa