Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 2:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe kple Amon-viwo ƒe vloɖoɖo, wo amesiwo ɖe alɔme le nye ɖukɔ ŋu, eye woka ɖe eƒe anyigba ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 “Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe kple Amon ƒe viwo ƒe vlododo, ame siwo dzi nye dukɔ, eye woɖo nugbe ɖe woƒe anyigba ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Zefania 2:8
19 Mawu Ofanana  

Eye tsitsiwo dzi ŋutsuvi, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ bena Moab; eya nye egbegbe Moabitɔwo tɔgbui.


Eye ɖevitɔ hã dzi ŋutsuvi, eye wòtsɔ ŋkɔ ne be Ben-Ami, eya nye Amonitɔwo tɔgbui.


Nya ɖe Moab ŋu. Vavãe, woaha Ar-Moab le zã, eye woatsrɔe! Vavãe, woaha Kir-Moab le zã, eye woatsrɔe!


Míese Moab ƒe dàda, alesi wòle asi tɔm akɔe vevie, eƒe dàda, eƒe dziku kple eƒe nu kpoloe ƒoƒo ɖe ya me.


Ale Yehowa gblɔ ɖe nye aƒelika vɔ̃ɖiawo katã, siwo de asi nusi metsɔ na nye dukɔ Israel, be wòanye etɔ la ŋu la ŋuti enye si: Kpɔ ɖa, maho wo ɖa tso woƒe anyigba dzi, eye maho Yuda ƒe aƒe la ɖa le wo dome.


Ɖe Moab ŋu Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Baba na Neho, elabena wogblẽe! Wòxɔ Kiryatayim, eye ŋukpe lée, wogbã mɔ̃ sesẽ la wòzu ŋukpe!


Ɖe Amon-viwo ŋu: Ale Yehowa gblɔ esi: ɖe ŋutsuvia ɖeke mele Israel si, alo domenyilaa ɖeke mele esi oa? Nukaŋuti Malkam xɔ Gad wɔ etɔe, eye eƒe dukɔ le eƒe duwo me?


Yehowa èse woƒe alɔmeɖeɖe kple tame, si woɖo ɖe ŋunye,


Eye wòle na wo abe ɖe afã meɖi o ene, elabena eteƒe didi kwasiɖa geɖewo; ke eya aɖo ŋu woƒe vodadawo, ne asi natu wo.


Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Eye nadze sii be, nye Yehowa mese wò ɖiŋudonya, siwo katã negblɔ ɖe Israel ƒe towo ŋu bena: „Wòzu gbegbe, miawoe wotsɔe na, be miaɖu.“


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi futɔ la le ehẽ dom ɖe mia ŋu be, blematowo zu yewo tɔ la,


Ale Yehowa gblɔ esi. Le Amon-viwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe; ake wo o; elabena wodze ƒo le Gilead ƒe funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Moab ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o, elabena etsɔ Edom-fia ƒe ƒuwo me akaloe.


Esia adzɔ ɖe wo dzi le woƒe ɖãɖa ta, elabena woɖe alɔme eye woka ɖe Yehowa Zebaot ƒe ɖukɔ la ŋu.


Tete Yehowa gblɔ na Yosua bena: Meɖe Egipte-ŋukpe ɖa le mia ŋu egbe; eyata wona ŋkɔ teƒe ta bena Gilgal vaseɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa