Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ɖe ɖu, si nɔa aseye tsom, eye wòli bɔkɔɔ henɔa gbɔgblɔm le eƒe dzi me be: Míawoe nye gɔglɔ̃mitɔgɔ̃wo la, nye esia? Ke azɔ la ezu gbegbe kple gbemelãwo mlɔƒe, eye amesiame, si ato eŋu ayi la, ado tsiã, eye wòaʋuʋu asi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Esiawoe nye nu siwo ava dzɔ ɖe du si kpɔ dzidzedze, eye wòle tomefafa me la dzi. Du sia gblɔ na eɖokui be, “Le xexea me katã la, du aɖeke mekpɔ ŋusẽ de nunye o.” Gake azɔ, mikpɔ ɖa, eyae nye du si gbã gudugudu, zu gbegbe na lãwo kple xewo! Azɔ ame sia ame si ava to eŋuti la ado tsiã, aʋuʋu ta, elabena maxɔe ase o.

Onani mutuwo Koperani




Zefania 2:15
27 Mawu Ofanana  

Nye hã mate ŋu aƒo nu abe miawo ene; ɖe wònye miawoe xa ɖe tenyeƒe la, anye ne matrɔ nyawo aƒo ɖe anyi ɖe mia ŋu, eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu;


Woƒu akpe ɖe ete, eye wòɖu tse ɖe eŋu wòdzo le enɔƒe.


Wò, howɔwɔ kple ʋunyaʋunya ƒe ɖu; wò, mɔ̃ tsoaseye! Wò ame kukuwo la, menye yi woda wo o, eye menye aʋa me wotsi o;


Mi amesiwo li bɔkɔɔ, dzidzi neƒo mi; mi ablɔɖewo, midzo nyanyanya! Miɖe ava ɖi, miɖe amama, eye misa akpanya ɖe ali!


Elabena fiasãwo zu xɔdo, eye du, si me zi na la, zu gbegbe, togbɛ kple gbetakpɔxɔ zu agado, wòzu gbetedziwo ƒe adzrɔɖiƒe kple gbeɖuƒe na lãhawo,


Mi nyɔnu, siwo li bɔkɔɔ, mitso, ne miase nye gbe! Mi nyɔnuvi, siwo le ablɔɖe me, miƒu to anyi ɖe nye nyawo ŋu.


Eɖo ŋu ɖe wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu gblɔ bena: Amea ɖeke mele kpɔyem o. Wò nunya kple wò ayedzedze flu wò, nègblɔ le wò dzi me bena: Nye koe, ɖeke megali o!


ne woana woƒe anyigba nazu gbegbe kple alɔmeɖenu tegbee, ne amea ɖe to eŋu yina la, eƒe nu aku, eye woaʋuʋu ta.


Mana du sia nazu gbegbe kple alɔmeɖenu; amesiame, si to eŋu yina la ƒe nu aku le eƒe fuɖenamewo katã ŋu, eye wòaɖe alɔme le eŋu.


Le Yehowa ƒe dɔmedzoe ta azu aƒedo kple gbegbe ɖikaa, ale be amesiame, si to Babel ŋu yina la ƒe nu aku, eye wòado tsiã le woƒe abixɔxɔwo katã ta.


Ao, du, si ame yɔ, tsi akogo! Du ga le dukɔwo dome zu ahosi; duwo ƒe fia zu yakadɔwɔla.


Aleke Aƒetɔ la na Zion-nyɔnuvi ɖo tsizi le eƒe dɔmedzoe me! Exlã Israel ƒe atsyɔ̃ ɖe anyi tso dziƒo, eye meɖo ŋu eƒe afɔɖodzinu le dɔmedzoedogbe o.


Amesiwo katã va tso eme yi la, si akpe ɖe ŋuwò, woɖe tsiã heʋuʋu ta ɖe Yerusalem-nyɔnuvi ŋu be: Du, si ŋu wogblɔ le be, enye nyonyowo seƒe kple anyigba blibo la ƒe dzidzɔ la, enye esia?


Dukɔwo ƒe asitsalawo le tsiã dom ɖe ŋuwò; nuwo yi ŋɔdzitɔe, eye maganɔ anyi akpɔ gbeɖegbeɖe o.


Amevi, gblɔna Tiro-amegã be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wò dzi le dadam, eye nele gbɔgblɔm be, Mawu yenye, eye Mawu ƒe nɔƒe yele le atsiaƒu titina, eye nèwɔ wò dzi abe Mawu to ene, evɔ wònye amegbetɔ nènye, eye menye Mawu o la, —


Ɖe àgblɔ emegbe le wuwòlawo ŋku me be, Mawu yenyea? Amegbetɔ nènye le amesiwo da nu wò la si me, eye menye Mawu o.


Ƒo nu gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Egipte-fia Farao, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò lo gã, si tsyɔ akɔ ɖe Nil-tɔsisi titina hele gbɔgblɔm be: „Tɔnyee nye tɔsisi la, eye nyee wɔe.“


exɔ edzi gblɔ bena: Ɖe menye esia nye Babel ga, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa?


Wò ghe-ghlẽ nu mafa o, eye hayahaya manɔe na wò ahlxɔxɔ o. Amesiwo katã se nya le ŋuwò la, aƒu akpe ɖe ŋuwò; elabena ameka dzie wò vɔ̃ɖiwɔwɔ meheva atraɖii o ma?


Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ anɔ eŋu, ade se, eye wòaɖu gã ɖe eya ŋutɔ ƒe akɔta.


Eye amesiwo le eŋuti tom le yiyim la, do ɖiŋu nɛ de ta ʋuʋum,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa