Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Zefania 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Esia adzɔ ɖe wo dzi le woƒe ɖãɖa ta, elabena woɖe alɔme eye woka ɖe Yehowa Zebaot ƒe ɖukɔ la ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Woaxɔ woƒe dada ƒe fetu, elabena woɖu fewu le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dukɔ ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Zefania 2:10
18 Mawu Ofanana  

mena amea ɖeke te wò ɖe anyi o, eye woawo ta wòhe to na fiawo ɖo.


Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Ke ne egagbe asiɖeɖe le nye dukɔa ŋu la,


Míese Moab ƒe dàda, alesi wòle asi tɔm akɔe vevie, eƒe dàda, eƒe dziku kple eƒe nu kpoloe ƒoƒo ɖe ya me.


Ale Yehowa gblɔ ɖe nye aƒelika vɔ̃ɖiawo katã, siwo de asi nusi metsɔ na nye dukɔ Israel, be wòanye etɔ la ŋu la ŋuti enye si: Kpɔ ɖa, maho wo ɖa tso woƒe anyigba dzi, eye maho Yuda ƒe aƒe la ɖa le wo dome.


Aleke mianɔ gbɔgblɔm be: Kalẽtɔwo míenye, eye ŋutsu aʋamewo míenye?


Míese Moab dadala ŋkɔ be, edoa eɖokui ɖe dzi ŋutɔ, eƒoa adegbe, edana, edzraa eɖokui, eye eƒe dzi doa eɖokui ɖe dzi.


Ɖiƒoƒo le eƒe avɔ toga, meɖo ŋu eƒe nuwuwu o. Tete wòyi to vevie, eye akɔfalaa ɖeke meli o. Yehowa, lé ŋku ɖe nye hiã ŋu, elabena futɔ la le asi tɔm akɔ!


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi nèƒu akpe, eye nètu afɔ anyi hekpɔ dzidzɔ tso wò dzi blibo me ɖe Israel-nyigba ŋu ɖe fewuɖuɖu me la,


Gbemagbe èle eteƒe; esi amedzrowo ɖe aboyo eƒe aʋakɔwo ɖzoe gbemagbe, du bubu me towo ge ɖe eƒe agbowo me, eye wodzidze nu ɖe Yerusalem dzi la, wò hã ènye wo dometɔ ɖeka.


Wò dzi ƒe dàda ble wò, wò amesi le agatowo me, eye nètso aƒe ɖe kɔkɔƒewo, wò amesi le gbɔgblɔm le wò dzi me be: Ameka atutum aƒu anyi?


Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe kple Amon-viwo ƒe vloɖoɖo, wo amesiwo ɖe alɔme le nye ɖukɔ ŋu, eye woka ɖe eƒe anyigba ŋu.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa