Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 9:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Woɖo ŋu nɛ bena: Wò dolawo tso anyigba didi booa ɖe dzi va le Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ la ta, elabena miese eŋkɔ kple nusiwo katã wòwɔ le Egipte,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Woɖo eŋu na Yosua be, “Wò dɔlawo tso anyigba didi aɖe dzi. Míese nu tso Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋusẽ kple nu siwo katã wòwɔ le Egipte

Onani mutuwo Koperani




Yosua 9:9
21 Mawu Ofanana  

Ne du bubu me to hã, amesi metso wò dukɔ Israel me o, ke boŋ anyigba didia ɖe dzi wotso va le wò ŋkɔ ta —


Eye Lewi-viwo, siwo nye Yesua, Kadmiel Bani, Xasabneya, Serebya, Hodiya, Sebanya kple Petanya, wogblɔ bena: Mitso, ne miakafu Yehowa mia Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe, si ƒo kafukafu kple ŋkɔxɔxɔwo katã ta.


Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eye eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo.


Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!


Ewɔ nukunuwo le wo fofowo ŋku me le Egipte-nyigba dzi, le Zoan-tagba.


Ŋu akpe wo, eye ŋɔ adzi wo tegbee, woƒe mo atsi dã, eye woatsrɔ̃,


Esi dukɔwo see la, dzidzi ƒo wo, vovɔ̃ ɖo Filistitɔwo.


gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.


Kpɔ ɖa, ayɔ dukɔ, si menya o la vɛ, eye dukɔ, si menya wò o la, aƒu du ava gbɔwò le Yehowa, wò Mawu, kple Israel ƒe kɔkɔetɔ la ta, elabena ede bubu ŋuwò.


Mawɔ dzesi ɖe wo ŋu, eye maɖo ame sisiwo ɖa tso wo dome ɖe dukɔwo, ɖe Tarsis, Pul kple Lud, amesiwo nye aŋutrɔdalawo, ɖe Tubal kple Yawan kpakple ɖe didiƒe ƒukpowo, amesiwo mese ŋkɔnye o, eye womekpɔ nye ŋutikɔkɔe o la gbɔ, eye woaɖe gbe ƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome;


Nenye be, awu dukɔ sia abe ame ɖeka ene la, ekema dukɔ, siwo se nyaa le ŋuwò la, agblɔ be:


Eye Mose dɔ dɔlawo le Kades ɖo ɖe Edom-fia gbã bena: Ale nɔviwò Israel gblɔ esi: Wò ŋutɔ ènya fu, siwo katã dzo ɖe mia dzi.


Elabena ame geɖe, siwo me gbɔgbɔ makɔmakɔwo le la, do go hele ɣli dom kple gbe sesẽ; eye wòda gbe le tekunɔwo kple dɔnɔ geɖewo ŋu.


Ne wolã edzi na wò, eye woʋu agbo na wò la, ekema amesiwo katã le eme la, nawɔ do na wò, eye woasusɔ wò.


Alea nawɔ du, siwo katã le adzɔge ʋĩ tso gbɔwò, eye womenye dukɔ siawo ƒe duwo o la hãe.


kpakple nusiwo katã wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo le Yordan godo, siwo nye Sixon, Xesbon-fia, kple Og, Basan-fia, sina Astarot.


Esi wòbia nu kpli wo ŋkeke etɔ̃ megbe la, wose bena, wotso de yewo gbɔ, eye wole wo dome.


Eye esi Israel-viwo ho la, wova woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃agbe; woƒe duawo nye: Gibeon, Kefira, Berot kple Kiryat-Yearim.


Woɖo ŋu na Yosua bena: Ɖe wogblɔ na wò dɔlawo bena, Yehowa, wò Mawu, de se na eƒe dɔla Mose be, yeatsɔ anyigba blibo la na mi, eye yeatsrɔ̃ anyigbadzitɔwo katã le mia ŋgɔ, eye mieva be, miava wu mí, eyata miewɔ alea ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa