Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 9:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 woawo hã wɔ ayenu, eye wodzra mo dzi nuɖuɖu ɖo, wotsɔ kotoku xoxowo ɖo woƒe tedziwo dzi, eye wotso weingolo xoxo vuvu, siwo woka,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Eya ta woɖo be yewoaflu Yosua. Wodo agba na woƒe tedziwo kple kotoku xoxowo kple waingolo vuvuwo.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 9:4
12 Mawu Ofanana  

Eye Yakob viŋutsuwo do ŋu na Sixem kple fofoa Xamor le aye me, elabena egblẽ wo nɔvinyɔnu Dina.


Elabena ne mele abe lãgbɔlẽgolo, si le dzokɔ ene hã, nyemɔŋlɔ wò ɖoɖowo be o.


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Wometsɔa aha yeye hã dea lãgbalẽgolo xoxowo me o; ke ne menye nenem o la, lãgbalẽgolowo awo, eye aha la aƒu gbe, eye lãgbalẽgolowo agblẽ; ke wotsɔa aha yeye ɖea lãgbalẽgolo yeyewo me, eye wo kpakple eve la siaa wonɔna dedie.


Eye amea ɖeke metsɔa aha yeye dea lãgbalẽgolo xoxowo me o: ke ne menye nenem o la, aha yeye la awo lãgbalẽgoloawo, eye aha la kple lãgbalẽgoloawo siaa agblẽ; ke wotsoa aha yeye dea lãgbalẽgolo yeyewo me.


Eye aƒetɔ la kafu xɔnuvi madzɔmadzɔ la, elabena ewo nu le aɖaŋu me. Elabena xexe sia me viwo dze adaŋu wu kekeliviwo hena woa ŋutɔwo ƒe dzidzimeviwo.


Esi miele mo dzi dze ge ava mia gbɔ la, eya mietsɔ abolo siawo dzodzo le míaƒe xɔwo me ɖo asi, ke azɔ la woƒu hefli keŋkeŋ:


míaƒe weingolo siawo la yeye wole, hafi míeku wein ɖe wo me, ke azɔ la wovuvu, eye míaƒe avɔ kple atokota siawo do xoxo, le esi mɔa didi akpa ta.


Ke esi Gibeon-tɔwo se nusi Yosua wo Yerixo kple Ai la,


wodo atokota xoxo, siwo woka la de afɔ, woƒe awuwo do xoxo, eye abolo, siwo katã woɖo asi la, ƒu hefli keŋkeŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa