Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 9:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye Yosua tsɔ wo wɔ nakefɔlawo kple tɔmedelawo na ameha la kple Yehowa ƒe vɔsamlekpui la le teƒe, si tia ge wòala la, tso ŋkeke ma dzi vaseɖe egbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 ke boŋ wozu nakefɔlawo kple tsidulawo na Israelviwo. Woawoe adu tsi na Yehowa ƒe subɔsubɔdɔwɔwɔ le afi sia afi si woawɔ subɔsubɔdɔ le ko. Ɖoɖo sia gale edzi kokoko va se ɖe egbe.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 9:27
9 Mawu Ofanana  

Eye Salomo xlẽ amedzro, siwo katã le Israel-nyigba dzi, le alesi fofoa Dawid xlẽ wo la nu, wole ŋutsu akpe alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ etɔ̃ kple alafa ade.


Eye naxɔ ame alo nyi, tedzi alo alẽ ɖekaɖeka tso wo ame alafa atɔ me le aʋawɔla, siwo de aʋa la, tɔ ŋu ahawɔ adzɔe na Yehowa.


Ke miaxɔ ame alo nyi, tedzi alo alẽ ɖekaɖeka tso wo ame blaatɔ̃ me le Israel-viwo tɔ ŋu ana Lewitɔwo, amesiwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe nɔƒe la ŋu.


Eye Mose ɖe ame ɖekaɖeka kple lã ɖekaɖeka tso wo ame blaatɔ̃ me le Israel-viwo to ŋu hena Lewitɔwo, amesiwo woa do le Yehowa ƒe nɔƒe la ŋu, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,


ke boŋ nasa wò numevɔ le teƒe, si Yehowa atia ɖe wò toawo dometɔ ɖeka me, eye nawɔ nusiwo katã ŋu mede se le na wò la, le afima.


ke boŋ teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia tso miaƒe towo dome, bena yeƒe ŋkɔ nanɔ alima la, teƒe ma yome mɔ miadi, eye afima miayi;


Eye amegãwo gblɔ na wo bena: Mina woanɔ agbe! Eye wòtrɔ zu naketɔlawo kple tɔmedelawo na ameha blibo la, abe alesi amegãwo gblɔ na wo ene.


Eye wòwɔ wo nenema heɖe wo tso Israel-viwo si me, ale be womewu wo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa