Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye ne miexɔ dua vɔ la, ekema mitɔ dzo du la; miwɔ, abe alesi Yehowa gblɔ na mi ene, kpɔ ɖa, nyee ɖe se na mi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Mitɔ dzo dua abe ale si Yehowa ɖo na mí ene. Esiawoe nye nye ɖoɖowo na mi.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 8:8
12 Mawu Ofanana  

Eye Absalom de se na eƒe ɖekakpuiwo bena: Miɖo ŋku anyi; ne wein na Amnon le dzidzɔ kpɔm, eye megblɔ na mi be: miwu Amnon la, ekema miwui, eye migavɔ̃ o; esi wònye nyee de se na mi ɖe! Milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ ŋutsu!


Ke mèkpɔ mɔ ana amea ɖeke natsi agbe le dukɔ siawo ƒe du, siwo Yehowa, wò Mawu, ana wò wòanye wò domenyinu lãme o;


Tete woɖo ŋu na Yosua bena: Míawɔ se, siwo katã nède na mí la dzi, eye afisiafi, si nèdɔ mí ɖo la, míayi!


Menye ɖe meɖe se na wò be, lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò oa? Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.


Eye wòtɔ dzo du la kple nusiwo katã le eme, negbe klosalo kple sika, akɔblinuwo kple gayibɔnuwo ko wotsɔ va nudzraɖoƒe le Yehowa ƒe me.


eye woɖo asaɖa blibo la ƒe aʋawɔla, siwo nɔ du la ƒe anyiehe gome, ale be eƒe mlɔenu de du la ƒe ɣedzeƒe gome Eye Yosua yi ɖe bali la me le zã ma me.


eye wɔ Ai kple eme ba, abe alesi nèwɔ Yerixo kple eme fia ene; ke miekpɔ mɔ aha aboyonuawo kple lãwo na mia ɖokui. Eye na woade xa ɖe du la ŋu ɣetoɖoƒe gome.


Ame kemeawo do tso dua me va kpe wo, ale be Israel tsɔ wo ɖe to me te goawo kple eve me, eye wosi wo, vaseɖe esime amea ɖeke mekpɔtɔ ayi sisi ge o.


Eye Yosua tɔ dzo Ai, eye wòwɔe aƒedo gbidigbidi vaseɖe egbe.


ekema miawo miado te xa me aɖaxɔ du la, eye Yehowa, mia Mawu, atsɔe ade asi na mi.


Esi Yosua dɔ wo ɖa la, woyi ɖade xa ɖe Betel kple Ai dome, le Ai ƒe ɣetoɖoƒe gome, ke Yosua tsi dukɔ la dome dɔ le zã ma me.


Eye wòdɔ ame woyi ɖayɔ Barak, Abinoam vi, tso Kedes-Naftali vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ɖe se na wò be: Ho, yi Tabor-to la dzi, naɖe ame akpe ewo tso Naftali-viwo kple Zebulon-viwo dome kpe ɖe ɖokuiwò ŋu;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa