Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 8:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 de se na wo gblɔ bena: Miɖo ŋku dzi, ne miayi aɖade xa ɖe du la ŋu le ɣetoɖoƒe gome, ke nua kple du la dome megadidi akpa o, eye mi katã minɔ dzadzraɖoɖi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 egblɔ na wo do ŋgɔ be, “Mide xa ɖe dua ƒe akpa kemɛ, migade megbe tso dua ŋu fũu o, eye minɔ ŋudzɔ na wo dzi dzedze.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 8:4
14 Mawu Ofanana  

Tete fia la fɔ le zã gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Magblɔe na mi, nusi Aramtɔwo be, yewoawɔ mí. Wonyae bena, dɔ le mia wum, eyata wodzo le asaɖa la me yi ɖaɣla ɖe gbe me gblɔ bena: Ne wodo tso dua me la, ekema míalé wo agbagbe, eye míage ɖe dua me.


Ke Yerobeam na xadelawo trɔ, ne woaɖadze wo dzi le megbe gome; woawo dze ŋgɔ Yuda, eye xadelawo le megbe nɛ.


Nunya naa ŋusẽ nunyalawo wu ŋusẽtɔ ewo, siwo le du me.


Tete megblɔ be: Nunya nyo wu ŋusẽ, ke wodoe vlo ame dahe ƒe nunya, eye womeléa to de eƒe nyawo ŋu o.


Eyaŋuti wò la megalɔ̃ edzi na wo o; elabena wo dome amesiwo de xa ɖe eŋuti la, wowu ŋutsu blane, siwo ƒo ti de wo ɖokui be, yewomele nu ɖu ge alo nu no ge akpɔ o, vaseɖe esime yewoawu Paulo; eye azɔ la wosu te hele mɔ kpɔm na wò ŋugbedodo la.


Tete woyɔ duametɔwo katã ƒo ƒu, be woati wo yome, wonyã Yosua ɖe nu, eye wona woble yewo tso du la mee.


Tete Yosua kple aʋawɔlawo katã ho, be wòayi Ai. Eye Yosua tia kalẽtɔ akpe blaetɔ̃, eye wòdɔ wo ɖa le zã me,


Eye Israel-viwo ɖe xadelawo ɖo Gibea ŋu va kpe.


Tete Israel-ŋutsuwo katã tso le wo nɔƒe va dze aʋa ɖe Baal-Tamar, eye Israel-xadelawo do tso wo nɔƒe le Geba ƒe ɣetoɖoƒe.


Eye Benyamin-viwo kpo bena, wosi yewo. Ke Israel-ŋutsuwo de megbe le Benyamin nu, elabena wole ŋu ɖom ɖe xadela, siwo wotsɔ ɖo Gibea kasa la ŋu.


Eye Sixemtɔwo ɖe amewo wode xa ɖe towo dzi ɖe eŋuti, eye woda adzo amesiwo to mɔ dzi yi. Tete wova gblɔe na Abimelex.


Eyata mia kple wò amewo mifɔ zã, ne miava de xa ɖe gbe me!


Ate Yehowa Zebaot gblɔ esi: Meɖo ŋku nusi Amalek wo Israel la dzi, esi wode xa ɖe mo dzi nɛ, le esime woʋu tso Egipte.


Eye Saul va! Amalekitɔwo ƒe du gbɔ, eye wòde xa de bali la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa