Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 8:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Emegbe wòxlẽ se la ƒe nyawo katã, siwo nye yayra kple fiƒode la, na wo pɛpɛpɛ, abe alesi woŋlɔe de segbalẽa me ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 Yosua xlẽ yayranya kple fiƒodenya siwo katã Mose ŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Segbalẽ la me la na wo.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 8:34
10 Mawu Ofanana  

Gbemagbe woxlẽ Mose ƒe segbalẽ la ɖe dukɔ la ƒe to me, eye wokpɔ woŋlɔ ɖe eme be, Amonitɔ kple Moabitɔa ɖeke megava Mawu ƒe ha la me gbeɖegbeɖe o;


Wotsi tre ɖe wo teƒe, eye wotsɔ ŋkeke la ƒe akpa enelia xlẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe segbalẽ lae, eye wotsɔ akpa enelia ʋu wo ɖokui mea, eye wode ta agu ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋku me.


Eye Lewitɔwo nakɔ gbe dzi agblɔ na Israel blibo la bena:


Eye Yehowa akplɔ tamedada, ŋkuagbã kple tsukuku aƒu wò,


Megaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nabu eŋu zã kple keli, ne nalé nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi; elabena eya ko hafi dzɔgbenyuie anɔ mɔ dzi na wò, eye nusianu adze dzi na wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa