Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 8:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 kpe blibo, siwo wometsɔ gakpee fui o la, wotsɔ ɖi vɔsamlekpui lae, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se na Israel-viwo, kple alesi woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ le edzi na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

31 abe ale si Mose, Yehowa ƒe dɔla ɖo na Israelviwo be woawɔ ene. Etui abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe Segbalẽ la me ene be, “Tsɔ kpe siwo womegbã alo kpa o la tu vɔsamlekpui nam.” Yehowa gblɔ nya sia tso Ebal to la ŋuti. Nunɔlawo sa numevɔ kple ŋutifafavɔ na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 8:31
16 Mawu Ofanana  

Ke mewu hlɔ̃dolawo ƒe viwo o, abe alesi Yehowa ɖe se gblɔ woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene bena: Womagawu fofowo ɖe viwo nu o, ke boŋ amesiame nèku ɖe eƒe nuvɔ̃ ta.


Tete nunɔlagã Xilkiya gblɔ na agbalẽŋlɔla Safan bena: Mefɔ segbalẽa ɖe le Yehowa ƒe aƒe lãme. Eye Xilkiya tsa agbalẽ la na Safan wòxlẽ.


Ke mewu wo viwo o, abe alesi Yehowa de se gblɔ woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be: Fofowo megaku ɖe viwo nu o, eye viwo megaku ɖe fofowo nu o, ke boŋ amesiame nèku ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ ta.


Woɖe numevɔsawo hetsɔ na dukɔ hahoo la ƒe aƒekɔwo ƒe hawo, ne woatsɔ wo asa vɔe na Yehowa, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe agbalẽ me ene. Alea wowɔ nyiawo hãe.


Eye wo ɖo nunɔlawo le woƒe ɖoɖowo nu kple Lewi-viwo le woƒe hawo nu ɖe mawusubɔsubɔ nu le Yerusalem, ahe alesi woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽa me ene.


Gbemagbe woxlẽ Mose ƒe segbalẽ la ɖe dukɔ la ƒe to me, eye wokpɔ woŋlɔ ɖe eme be, Amonitɔ kple Moabitɔa ɖeke megava Mawu ƒe ha la me gbeɖegbeɖe o;


Eyome Mose to, Yetro, tsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ve na Mawu, eye Aron kple Israeltɔ tsitsiwo katã va, be woaɖu nu kple Mose to le Mawu ƒe ŋku me.


Eye Mose dɔ Israel-viwo dome ɖekakpuiwo ɖa, eye wotsɔ nyitsuwo mè numevɔsawo, eye wosa akpedavɔwo na Yehowa.


eye ne Satana nyã Satana ɖo go la, emã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti; azɔ aleke lawɔ, eye eƒe fiaduƒe la anɔ anyi mahã?


Gbesigbe nètso Yordan va anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, natu kpe gãwo de tsitre, eye nasi akalo na wo.


Ŋlɔ se sia ƒe nyawo katã ɖe kpeawo dzi, eme nakɔ nyuie.


Megaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nabu eŋu zã kple keli, ne nalé nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi; elabena eya ko hafi dzɔgbenyuie anɔ mɔ dzi na wò, eye nusianu adze dzi na wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa