Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 8:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye wòde ka ve na Ai-fia ɖe atia ɖe ŋu vaseɖe fiẽ; eye esi ɣe ɖo to la, Yosua ɖe se be, woade eƒe kukua atsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo nu, eye wofɔ kpewo li ko gãa ɖe ɖe edzi wòtsi anyi vaseɖe egbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Yosua de ka ve na Ai fia ɖe ati aɖe ŋu, ke esi ɣe nɔ to ɖom la, eɖee tsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo ŋgɔ. Wofɔ kpe gãwo li kɔ ɖe edzi. Kpeawo gali va se ɖe egbe.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 8:29
14 Mawu Ofanana  

Eye wotsɔ Absalom ƒu gbe ɖe do gãa ɖe me le avea me, eye wofa kpe li ko gãa ɖe ɖe edzi, eye Israel blibo ta dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.


Eye wohe Haman ɖe ati, si wotu ɖe Mardoxai ŋu la ŋuti Azɔ fia ƒe dziku la nu fa.


Etrɔ vlododo kɔ ɖe ame ŋkutɔwo dzi, eye wòna wotra mɔ le gbegbe, afisi mɔa ɖeke mele o.


Aƒetɔ la le wò nuɖusi me, agbã fiawo le dɔmedzoe me nyanyanya.


Azɔ esi wònye dzadzraɖoŋkeke la, Yudatɔwo bia Pilato bena, woaŋe woƒe afɔwo, eye ne woaɖe wo ɖa, bena ame kukuwo nagatsi atitsoga ŋu le Sabat dzi o; elabena Sabat gãe nye ŋkeke ma.


Eye enumake Aƒetɔ ƒe dɔla ƒoe, le esi metsɔ bubu na Mawu o la ta, eye ŋɔwo ɖui, eye eƒe agbe nu tso.


Eye Yehowa tsɔ eya hã kple eme fia ɖe asi na Israel, eye wotsrɔ̃e kple eme nɔlawo katã kple yi; womèna amea ɖeke si o, eye wowɔ eme fia, abe alesi wowɔ Yerixo-fia ene.


Ɣemaɣi Horam, Gezer-fia ho, be yeava xɔ na Laxis, ke Yosua si eya hã kple eƒe dukɔ la, vaseɖe esime amea ɖeke mekpɔtɔ o.


Yerixo-fia ɖeka, Ai, si le Betel gbɔ la me fia ɖeka,


wofɔ kpewo li kɔ gãa ɖe ɖe wo dzi, eye wòli vaseɖe egbe. Tete Yehowa ƒe dziku nu fa. Eyata wona ŋkɔ teƒe la bena Axor-balime, vaseɖe egbe.


Eye wòlé Ai-fia agbagbe kplɔ va Yosua gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa