Amesi nye ŋutsu nyanu la, nèse esia gɔme, eye amesi Yehowa ƒe nu toa nya na la, eya negblɔ nusi ta wotsrɔ̃ anyigba la, eye wogblẽe wòzu gbegbe, ale be amea ɖeke megatoa edzi yina o la ɖo.
Eye mialɔ aboyonuawo katã ava kɔ ɖe ablɔ me, eye miatɔ dzo du la kple aboyonuawo katã abe vɔsa blibo ene na Yehowa, mia Mawu la, ale be wòatrɔ zu aƒedo ɖikaɖika, eye womagagbugbɔe atso akpɔ o.
Eye wòde ka ve na Ai-fia ɖe atia ɖe ŋu vaseɖe fiẽ; eye esi ɣe ɖo to la, Yosua ɖe se be, woade eƒe kukua atsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo nu, eye wofɔ kpewo li ko gãa ɖe ɖe edzi wòtsi anyi vaseɖe egbe.