15 Eye Yosua kple Israel blibo la na Aitɔwo nyã wo, eye wòsi ɖo ta gbedzi.
15 Yosua kple eƒe Israelviwo si to gbegbe la abe ɖe nugbe menyo na wo o ene.
Du, siwo le gbedzi, wonye: Bet-Araba, Midin, Sexaxa,
Yoset-viwo ƒe anyigba tso Yordan nu le Yerixo gbɔ zɔ Yerixo-tɔ la ŋu le ɣedzeƒe, va to gbegbe, si tso Yerixo hezɔ toawo dzi vaseɖe Betel la me;
Woƒe anyieheliƒo tso Yordan nu zɔ Yerixo-to la ƒe anyiehe heto toawo dzi le ɣetoɖoƒe gome, eye wòva ke ɖe Bet-Awen-gbedzi;
Esi Ai-fia kpɔ esia la, dua me ŋutsuwo fɔ ŋɖi kanya kplakplakpla heho aʋa yi ɖakpe Israel, eye eya kple eƒe aʋakɔ blibo la va teƒea ɖe le gbadzaƒe la nu; ke menya be, wode xa ɖe eŋu le du la ƒe ɣetoɖoƒe gome o.
Eye Benyamin-viwo kpo bena, wosi yewo. Ke Israel-ŋutsuwo de megbe le Benyamin nu, elabena wole ŋu ɖom ɖe xadela, siwo wotsɔ ɖo Gibea kasa la ŋu.
Eye wòsi le Israel-ŋutsuwo nu heto gbedzimɔ; ke aʋa la yɔ wo ɖe nu, eye amewo ɖo tso duwo me, eye wotsɔ wo ɖe to me hetsrɔ̃ wo.