Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 8:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tete Yehowa gblɔ na Yosua bena: Megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o! Tsɔ aʋawɔlawo katã kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, eye tso, nayi ɖe Ai, kpɔ ɖa, metso Ai-fia kple eƒe dukɔ, eƒe du kple eƒe anyigba de asi na wò,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò o. Kplɔ aʋakɔ blibo la yi Ai, elabena ɣeyiɣi la de na mi azɔ be miaɖu Ai dzi. Metsɔ Ai fia kple eƒe ameawo katã de asi na mi.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 8:1
24 Mawu Ofanana  

Dawid tɔ. Yehowa enye nye kekeli kple nye xɔname, ameka mavɔ̃? Yehowa enye mɔ̃ na nye agbe, ameka adzi ŋɔ nam?


Etsɔ wò asi nyã dukɔwo, ke woawo la èƒo woƒe aganu ɖe to; ègblẽ anyigbadzitɔwo, ke èna woawo keke la.


Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!


Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye Yehowa, ẽ, Yehowa, eye eya zu nye xɔname!


Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Ke wò, nye dɔla Yakob, megavɔ̃ o, eye Israel, dzi megaɖe le ƒowò o; elabena maɖe wò atso didiƒe kple viwòwo atso woƒe aboyonyigba dzi; Yakob atrɔ agbɔ, ava no anyi aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, eye amea ɖeke mado voɖi nɛ o.


Xesbon, fa avi, elabena wogblẽ Ai! Mi Raba-nyɔnuviwo mido ɣli, eye mita akpanya ɖe ali, mixa nu, eye mina tsa glãla tsam le lãkpɔwo me, elabena Malkam ayi aboyo me hekpe ɖe eƒe trɔ̃nuawo kple amegãwo ŋu.


Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo, eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi, enaa nunya nunyalawo kple sidzedze nugɔmeselawo;


Nusiawo katã va fia Nebukaɖnezar dzi.


Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele vɔvɔ̃m ale, mi xɔseʋeetɔwo! Tete la wòtsi tre, eye wòblu ɖe ya kple ƒu la ta, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi kpoo.


Kpɔ ɖa, Yehowa, wò Mawu, tsɔ anyigba, si le ŋkuwò me la, na wò, yi naxɔe wòanye tɔwò, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu, do ŋugbee na wò ene; megavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o!


Yehowa ŋutɔ adze ŋgɔ-wò, eye wòanɔ anyi kpli wò, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o; megavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o.


megavɔ̃ wo o, boŋ ɖo ŋku nusi Yehowa, wo Mawu, wo Farao kple Egipte blibo la dzi,


Womegadzi ŋɔ na wò o, elabena Yehowa, wò Mawu, si nye Mawu gã, si ŋu vɔvɔ̃ le la, le dowòme.


Menye ɖe meɖe se na wò be, lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò oa? Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.


Enumake Yosua kple eƒe aʋakɔ la katã kpakple kalẽtɔwo katã ho tso Gilgal.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena. Megavɔ̃ o, elabena matsɔ wo ade asi na wò, eye wo dometɔa ɖeke manɔ te ɖe ŋuwò o.


Eye wogblɔ na Yosua bena: Nyateƒee, Yehowa tsɔ anyigba blibo la de asi na mí, elabena anyigbadzitɔwo hã le mía vɔ̃m.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Kpɔ ɖa, metsɔ Yerixo kple eme fia kpakple kalẽtɔwo ɖe asi na wò.


Eye ne Kanaanitɔwo kple anyigbadzitɔwo katã see la, ekema woava kpe ta ɖe mía ŋu, eye woatsrɔ̃ míaƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi; emegbe ɖe, aleke nawɔ ɖe wò ŋkɔ gã la ta?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa