Eye Yosua gblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, nukaŋuti nèkplɔ dukɔ sia tso Yordan, be natsɔ mi ade asi na Amoritɔwo, ne woatsrɔ̃ mi? Oo, ɖe míetsi Yordan godo la, ne nyo wu!
Esi dukɔ la va asaɖa me la, Israel-ame tsitsiwo gblɔ bena: Nukaŋuti Yehowa si mí egbea le Filistitɔwo nu? Mina míayi aɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo va mia gbɔ, ne wòava mía dome aɖe mi tso míaƒe futɔwo si me!