Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 7:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Tete Yosua dze eƒe awuwo, eye eya kple Israel ame tsitsiwo tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ vaseɖe fiẽ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Yosua kple Israel ƒe ametsitsiwo dze woƒe awuwo; wotsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me abe konyifafa ƒe dzesi ene va se ɖe fiẽ.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 7:6
30 Mawu Ofanana  

Esi Ruben gatrɔ va doa to la, megakpɔ Yosef le do la me o Tete wòdze eƒe awu,


Tete Yakob dze eƒe awu, sa papahũ ɖe ali, eye wofa konyi na via ŋkeke geɖewo.


Tete Dawid kple ŋutsu, siwo katã le eŋu la, dze woƒe awuwo.


Eye wofa konyi, fa avi hetsi nu dɔ vaseɖe fiẽ le Saul kple via Yonatan kple Yehowa ƒe dukɔ la kpakple Israel ƒe aƒe la ŋuti, le esi wotsi yi nu la ta.


kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe tso Saul ƒe asaɖa me va le ŋkeke etɔ̃agbe, awu vuvu le eŋu, eye ke le ta me nɛ. Eye esi wòva Dawid gbɔ la, ede ta agu, eye wòbɔbɔ.


Ke Dawid ƒo koko na Mawu le ɖevi la ta, eye Dawid tsi nu da, eye wòtsi anyigba da.


Eye Tamar ku afi kɔ ɖe ta me, eye wòdze awu ʋlaya, si wòdo la, eye wòkpla asi ta le boboe dom le yiyim.


Tete fia la tsi tre dze eƒe awuwo, eye wòmia anyigba, eye eƒe dɔlawo katã le tsitre le awu vuvuwo me.


Esime fia la se segbalẽa me nyawo la, edze eƒe awuwo.


Esime fia la se se la me nyawo la, edze eƒe awuwo.


Esi Ezra do gbeɖa, eye wòʋu eɖokui me, efa avi, eye wòmlɔ mawuxɔ ŋgɔ la, ameha gãa ɖe ŋutɔ tso Israel va kpe ta ɖe egbe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo; elabena dukɔ la fa avi vevie.


Le dzinu sia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la Israel-viwo va kpe la, wotsi nu dɔ, wota akpanya, eye ke le ta me na wo.


Esi Mardoxai se nya, siwo katã dzɔ la, Mardoxai dze eƒe awuwo, ta akpanya, si afi, eye wòto dua titina le ɣli dom sesĩe nublanuitɔe


Eye nuxaxa gãa ɖe ɖo Yudatɔwo dome le anyigba, siwo katã dzi fia ƒe nya kple eƒe se la de la dzi, wotsi nu dɔ, wofa avi, eye wofa konyi, eye wo dometɔ geɖewo ta akpanya hesi afi.


Tete Hiob tso hedze eƒe awu, elũ eƒe ta, eye wòde ta agu hedo gbe ɖa


Ke esi wota mo te le adzɔge la, womedze sii o: tete wofa avi kple ɣli, wo dome amesiame dze eƒe awu, eye wohlẽ ke ɖe ya me wòʋuʋu ɖe woƒe ta me.


Eyata megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.


Zion-nyɔnuvi ƒe amegã ɖeɖiwo bɔbɔ nɔ anyigba, eye woƒe nu ɖe ga, wolɔ afi kɔ ɖe ta me, eye wota akpanya; Yerusalem-ɖetugbi de kɔ to.


Ke Yosua, Nun vi, kple Kaleb, Yefune vi, amesiwo hã ɖe ɖatsa ŋku la, dze woƒe awuwo,


Ke woawo tsyɔ mo anyi hegblɔ bena: Oo, Mawu, si nye agbegbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me la, ƒe Mawu! Esi ame ɖeka wɔ nuvɔ̃ la, eye nèle dɔmedzoe dom ɖe ha blibo la ŋua?


Ke esi apostoloawo, Barnaba kple Paulo, see la, wodze woƒe awuwo, eye woƒu du ɖo ameha la me hele ɣli dom, le gbɔgblɔm bena:


Eye Yosua gblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, nukaŋuti nèkplɔ dukɔ sia tso Yordan, be natsɔ mi ade asi na Amoritɔwo, ne woatsrɔ̃ mi? Oo, ɖe míetsi Yordan godo la, ne nyo wu!


Eye wolɔ kewɔ kɔ ɖe la me, eye wodo ɣli le avi fam hele konyi fam le gbɔgblɔm bena: Baba na wò, baba na wo du gã, si me amesiwo katã si ʋu le le ƒu dzɔ la, tro zu kesinɔtɔwo le eƒe kesinɔnyenye ŋuti! Elabena wotsrɔ̃e le gaƒoƒo ɖeka me.


Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo gblɔ bena: Oo, vinye, èdo nublanuitɔm, eye nèhe dzɔgbevɔ̃e va dzinyea? Meke nu na Yehowa, eye nyemagate ŋu atrɔe o!


Tete Israel-ŋutsuwo de dzi ƒo na wo ɖokui, eye wova dze aʋa ɖe afisi wodze aʋa ɖo le ŋkeke gbãtɔ dzi la.


Tete Israel-viwo katã kple aʋakɔ blibo la yi Betel ɖafa avi, eye wotsi Yehowa ŋku me le afima, wotsi nu dɔ gbemagbe vaseɖe fiẽ, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ lé Yehowa ŋku me.


Eye esi dukɔ la va Betel la, wotsi Mawu ŋku me le afima vaseɖe fiẽ, eye wofa avi sesĩe


Eye Benyamintɔa ɖe ƒu du tso aʋagbe dzi va ɖo Silo gbemagbe; awu vuvu le eŋu, eye anyi le ta me nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa