Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 7:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Aitɔwo wu wo dome ame blaetɔ̃ vɔ ade, wonyã wotso agbo la nu vaseɖe kpeʋe la me, eye wòsi wo le aga la nu; tete dukɔ la ƒe dzi lolo zu tsi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 wowu Israelvi abe ame blaetɔ̃ vɔ ade ene le aʋakpekpe la me, eye ame bubu geɖewo ku esime futɔwo nya wo tso Ai va se ɖe kpegbãƒe la. Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ lãme na Israelviwo ŋutɔŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 7:5
10 Mawu Ofanana  

Woke woƒe nu ɖe ŋunye abe dzata, si le xɔxlɔ̃m hele nu vuvum ene.


Mawu, ŋe aɖu le nu me na wo, Yehowa, ho tsyo na dzataviwo!


Eyata asiwò katã ado agblɔ, eye amegbetɔwo ƒe dziwo katã alólo gbanaa.


Amevi, trɔ ŋgɔ dze Yerusalem, dudu nya ƒo ɖe kɔkɔeƒe la ŋu, eye nagblɔ nya ɖi ɖe Israel-nyigba ŋu


Made vɔvɔ̃ lã me na mia dometɔ, siwo susɔ ɖe woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, eye aŋgba, si ʋu ya anyẽ wo, eye wòasi, abe alesi wosina le yi nu ene, eye wòadze anyi, wònye amea ɖeke mele wo nyãm o hafi.


Miha klosalo, miha sika! Aƒemenuwo teƒe mekɔ o, eye nu vevi vovovowo sɔ gbɔ kpaŋkpaŋ!


Tete Amoritɔ, siwo nɔ toawo dzi la, va kpe mi, eye wonyã mi, abe alesi anyiwo wɔna ene, eye woka mi hlẽ tso Seir vaseɖe Xorma.


Esi míesee la, dzi ɖe le mia ƒo, eye kalẽ megale amea ɖeke me ɖe mia ŋu o, elabena Yehowa, mia Mawu, enye Mawu le dziƒo afime kple anyigba dzi afi.


gblɔ na wo bena: Menyae bena, Yehowa le anyigba la tsɔ ge na mi, ŋɔdzi, si le mia ŋu la, va lé mí, eye anyigbadzitɔwo katã de asi nua vɔvɔ̃ me.


Esi Amoritɔwo ƒe fiawo katã, amesiwo le Yordan godo le ɣedzeƒe gome, kple Kanaanitɔwo ƒe fiawo katã, amesiwo le ƒu ŋu, se bena, Yehowa na Yordan me tsi la mie le Israel-viwo ŋgɔ, eye wòto me ɖi go la, tete dzi ɖe le wo ƒo, eye kalẽ megale amea ɖeke me ɖe Israel-viwo ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa