Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 6:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Tete Yosua, Nun vi, yɔ nunɔlawo gblɔ na wo bena: Mitsɔ nubablaɖaka la, eye nunɔla adre natsɔ akɔfɛ adre adze Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Yosua, Nun ƒe vi, yɔ nunɔlaawo hegblɔ na wo be, “Mikɔ nubablaɖaka la; mia dometɔ adre nakɔ woƒe kpẽwo, eye miadze Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 6:6
11 Mawu Ofanana  

Eye natsɔ kpoawo aƒo ɖe asigɛ, siwo le aɖaka la ƒe axawo dzi la me, bena woatsɔ wo akɔ aɖaka lae.


Ke Saul, si galé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti la, yi ɖe nunɔlagã gbɔ,


Eyome mietso Yordan va Yerixo; tete Yerixotɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Girgasitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo va wo aʋa kpli mi, eye metso wo ɖe asi na mi.


eye wode se na dukɔ la bena: Ne miekpɔ be, nunɔlawo, amesiwo nye Lewitɔwo, tsɔ Yehowa, mia Mawu ƒe nubablaɖakaa la, ekema miawo hã míaho le mia teƒewo adze eyome.


Eye Yosua gblɔ na nunɔlawo bena: Mikɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ! Tete wokɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ.


nunɔla adreawo tsɔ akɔfɛ adre dze Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye wole akɔfɛawo kum, ke amesiwo bla akpa la, dze wo ŋgɔ, eye ame mlɔeawo dze Yehowa ƒe aɖaka la yome, eye wole akɔfɛawo kum atraɖii.


Ne wonyã ku lãdzoawo tsiã ɖe nu miese ko la, dukɔ blibo la natso aseye hoo, ekema du la ƒe gliwo aŋe adze eme, eye dukɔ la nakpɔ ŋgɔ tẽ age ɖe me.


Eye wògblɔ na dukɔ la bena: Mizɔ yi ɖaƒo xlã du la, eye amesiwo bia akpa la, nadze Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ.


Esi Yosua gblɔ nya sia na dukɔa la, tete nunɔla adreawo tsɔ akɔfɛ adre dze Yehowa ŋgɔ heyi, eye woku akɔfɛawo, eye Yehowa ƒe nubablaɖaka la dze wo yome;


Esi dukɔ la va asaɖa me la, Israel-ame tsitsiwo gblɔ bena: Nukaŋuti Yehowa si mí egbea le Filistitɔwo nu? Mina míayi aɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo va mia gbɔ, ne wòava mía dome aɖe mi tso míaƒe futɔwo si me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa