Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 6:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke Yosua gblɔ na ŋutsu eve, siwo va tsa ŋku anyigba dzi la bena: Miyi ɖe gbolo la ƒe me, ne makplɔ nyɔnu la kple eƒe ƒometɔwo katã do goe, abe alesi mieke atam nɛ ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Yosua gblɔ na ŋkutsala eveawo be, “Miwɔ miaƒe ŋugbedodo dzi. Miyi miaxɔ Rahab, gbolo la kple ame siwo katã le eƒe aƒe me la ɖe agbe.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 6:22
13 Mawu Ofanana  

Eye fia la ya Gibeontɔwo ƒo nu kpli wo. Gibeontɔwo metso Israel-viwo dome o, ke boŋ wonye Amoritɔwo ƒe kpɔtɔe, siwo Israel-viwo ka atam na; eye Saul di be, yeawu wo, elabena eʋã ŋu ɖe Israel-viwo kple Yuda nu


Ke fia la ve Mefiboset, Saul vi Yonatan ƒe viŋutsu la nu le Yehowa ƒe atam, si le Dawid kple Yonatan, Saul vi dome la ta.


amesi ƒe ŋku me ame vɔ̃ɖi meɖia naneke le o, ke ebua amesiwo vɔ̃a Yehowa la; amesi ka atam, si me eya ŋutɔ ƒe gbegblẽ tsona, ke megatrɔnɛ o;


Eɖe ame ɖeka le fiaƒome la me, eye wòbia nu kplii heka atam nɛ, ke ekplɔ anyigba dzi bubumewo dzoe;


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Meta ɖokuinye ƒe agbe: Ne menye ɖe woaku ɖe fia, si tsɔe ɖo fia, amesi ƒe atam wòdo vloe, eye wòtu eƒe nubabla la de le Babel o fi!


Le xɔse me Raxab, gbolo la, metsrɔ̃ kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o, le esi wòxɔ ŋkutsalawo le ŋutifafa me la ta.


Mitsrɔ̃ du la kple nusiwo katã le eme gbidigbidi na Yehowa; negbe Raxab, gbolo la, kple amesiwo katã le eƒe me ko miaxɔ de agbe, elabena eyae tsɔ amesiwo míedɔ la ɣla.


Tete ɖekakpui, siwo nye ŋkutsalawo la, yi ɖakplɔ Raxab kple fofoa kpakple ɖada, nɔviaŋutsuwo kple eƒe ƒometɔwo katã kpakple nusianu, si le esi la, va Israel ƒe asaɖa godo.


Eye Yosua wo xɔlɔ̃ kpli wo hebla nu kpli wo be, yeana woatsi agbe, eye ameha la ƒe amegãwo ka atam na wo.


Tete wòfiã dua me mɔnu wo, eye wowu duametɔwo kple yi; ke woɖe asi le ŋutsu la kple eƒe ƒometɔwo katã ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa