Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Kpɔ ɖa, metsɔ Yerixo kple eme fia kpakple kalẽtɔwo ɖe asi na wò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mieɖu Yerikotɔwo kple woƒe fia kple woƒe aʋawɔla sesẽwo katã dzi xoxo, elabena metsɔ wo de asi na mi!

Onani mutuwo Koperani




Yosua 6:2
20 Mawu Ofanana  

Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mahe ɖe Filistitɔwo ŋua, eye ɖe atsɔ wo ade asi nama? Yehowa ɖo ŋu na Dawid bena: Ho yi, elabena matsɔ Filistitɔwo ade asi na wò!


Ɖeviawo yi ɖaxɔ anyigba la wònye wo tɔ, eye nèbɔbɔ anyigbadzitɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, de anyi le wo ŋku me; ètsɔ woƒe fiawo kple anyigba dzi dukɔwio siaa de asi na wo, ne woawɔ wo, alesi dze wo ŋu.


Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo, eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi, enaa nunya nunyalawo kple sidzedze nugɔmeselawo;


Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Ati gã lolo, si nèkpɔ wòkɔ ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòvu de anyigba blibo la dzi,


Fia, Mawu dziƒoʋĩtɔ tsa fiaɖuƒe, gãnyenye, bubu kple ŋutikɔkɔe na fofowò Nebukadnezar.


atsɔ woƒe fiawo aɖe asi na wò, eye natsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te. Wo dometɔa ɖeke manɔ te ɖe nuwo o, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo avɔ.


Yerixo-fia ɖeka, Ai, si le Betel gbɔ la me fia ɖeka,


Eye wogblɔ na Yosua bena: Nyateƒee, Yehowa tsɔ anyigba blibo la de asi na mí, elabena anyigbadzitɔwo hã le mía vɔ̃m.


gblɔ na wo bena: Menyae bena, Yehowa le anyigba la tsɔ ge na mi, ŋɔdzi, si le mia ŋu la, va lé mí, eye anyigbadzitɔwo katã de asi nua vɔvɔ̃ me.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena;


Ke wodo Yerixo ƒe agbowo hexe mɔ na Israel-viwo, eye amea ɖeke mete ŋu do alo va me o.


Eyata aʋawɔlawo katã nazɔ aƒo xlã du la akpe ɖo zi ɖeka; alea woawɔ ŋkeke ade sɔŋ.


Tete Yehowa gblɔ na Yosua bena: Megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o! Tsɔ aʋawɔlawo katã kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, eye tso, nayi ɖe Ai, kpɔ ɖa, metso Ai-fia kple eƒe dukɔ, eƒe du kple eƒe anyigba de asi na wò,


Tete Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso Sixon kple eƒe dukɔ blibo la de asi na Israel, eye wòsi wo. Ale Israel xɔ Amoritɔ, siwo nye anyigba dzi towo la, ƒe anyigba blibo la wòzu wo to.


Me wò mawu Kemos xɔ nane na wò la, eya nye tewò, ke amesiwo katã Yehowa, mía Mawu, nyã le mía ŋgɔ la ƒe anyigba enye mía tɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa