eye miɖe se na wo bena: Miyi ɖaɖe kpe wuieve le Yordan me le teƒe, si nunɔlawo ƒe afɔ tsi tre ɖo la, eye mitsɔ wo va teƒe, si miedro ɖo, afisi miele tsitsi ge adɔ la.
Eye Yosua gblɔ na wo bena: Miyi Yordan titina le Yehowa, mia Mawu ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye mia dome amesiame natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta, ɖe Israel-viwo ƒe toawo ƒe xexlẽme nu;